Nations Bible

Lucas 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Lododo le ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la la ŋu

1Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o.

2Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o. 3Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be, ‘Ɖem le nye ketɔ si me.’

4“Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la, 5le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’ ”

6Aƒetɔ la yi edzi be, “Mise nu si ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ. 7Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa? 8Mele egblɔm na mi be aɖe wo enumake. Gake biabia lae nye be nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la metrɔ gbɔ ɖe, ame neni makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te le anyigba dzi?”

Lododo le Farisitɔ kple nudzɔla la ŋu

9Azɔ Yesu do lo sia na ame siwo dana be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye womekpɔa ame bubu ɖe naneke me o la be, 10“Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa. Ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla aɖe. 11Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, vevietɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o. 12Metsia nu dɔna zi eve le kɔsiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’

13“Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’ 14Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”

Yesu yra ɖevi suewo

15Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo. Gake esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, wonya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.

16Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. 17Le nyateƒe me la, mele egblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.”

Ɖekakpui kesinɔtɔ la

18Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”

19Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. 20Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’ ”

21Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.”

22Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.”

23Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye.

24Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me! 25Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”

26Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?”

27Yesu ɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!”

28Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.”

29Yesu ɖo eŋu be, “Esia le eme vavã, eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la, 30akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme si le vava ge la me.”

Yesu gblɔ eƒe ku kple tsitretsitsi ɖi zi etɔ̃lia

31Azɔ Yesu yɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso Amegbetɔ Vi la ŋu la le eme va ge. 32Woatsɔm ade asi na Ame siwo menye Yudatɔwo be woaɖu fewu le ŋunye, ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye, 33aƒom, eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ tso ku me.”

34Nusrɔ̃lawo mese eƒe nya siwo wògblɔ la ɖeka pɛ hã gɔme o, elabena edze abe ele nu ƒom na wo le lododo me ene.

Yesu da gbe le nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu le Yeriko

35Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si. 36Esi wòse ameha ŋkɔ wòva yina la, ebia be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye. 37Wogblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.”

38Ale wode asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!”

39Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.”

40Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.”

41Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?”

Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!”

42Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”

43Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake, eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Oração, humildade e misericórdia no caminho

  • Quando Jesus se aproxima de Jericó, um cego está sentado à beira do caminho, pedindo esmola. O Easton's Bible Dictionary (1897) chama Jericó de “lugar de fragrância”: uma cidade murada no meio de um vasto bosque de palmeiras na planície do Jordão, cerca de cinco milhas a oeste do rio, e a cidade mais importante daquele vale.Fontes: o próprio texto bíblico · Jericho
  • A multidão diz ao cego que Jesus de Nazaré está passando, e ele clama: “Filho de Davi, tem misericórdia de mim!” Davi, cujo nome se explica como “amado”, era o oitavo e mais novo filho de Jessé e cidadão de Belém; Nazaré, que não é mencionada no Antigo Testamento, era o lar de José e Maria.Fontes: o próprio texto bíblico · David · Nazareth
  • Jesus chama os Doze à parte e lhes diz que estão subindo para Jerusalém, onde se cumprirá tudo o que os profetas escreveram sobre o Filho do Homem. O nome está na forma dual e significa “possessão de paz” ou “fundação de paz”, provavelmente em referência aos montes Sião e Moriá sobre os quais a cidade foi construída, embora alguns o liguem à cidade alta e à cidade baixa; Jerusalém também é chamada de cidade santa e descrita como uma cidade montanhosa.Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 31
  • Jericho · Hoje: Tell el Alayiq · 31.852, 35.436 · versículo 35
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 37

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.