Lucas 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu dze nudzɔla Zaxeo gbɔ
1Yesu ge ɖe Yeriko du la me, eye wòzɔ to dua me. 2Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã. 3Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe. 4Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma.
5Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”
6Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ. 7Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me.”
8Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”
9Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye. 10Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.”
Lododo le sikaga ewoawo ŋuti
11Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be, 12“Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. 13Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’
14“Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’
15“Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.
16“Ame gbãtɔ va do, eye wògblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nènam la mekpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi.’
17“Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’
18“Ame evelia hã va do be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam la mekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe edzi.’ 19Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’
20“Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, 21elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’
22“Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, 23nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’
24“Etrɔ ɖe ame mamlɛ siwo le tsitre la gbɔ, eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’
25“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’
26“Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi, eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me. 27Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”
Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene
28Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. 29Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. 30Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. 31Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’ ”
32Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene, 33eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele ka tum míaƒe tedzivia ɖo?”
34Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” 35Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi.
36Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ. 37Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta, 38gblɔ be,
“Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!”
“Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!”
39Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo ne woadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!”
40Eɖo eŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye.”
Yesu fa avi ɖe Yerusalem ŋu
41Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu, 42eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia. 43Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi, 44eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.”
Yesu nya nudzralawo le gbedoxɔ me
45Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. 46Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”
47Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa. 48Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ.

Você sabia?
De Jericó a Jerusalém
- Zaqueu, chefe dos cobradores de impostos e homem muito rico, é descrito como superintendente da alfândega em Jericó. A cidade produzia e exportava então uma quantidade considerável de bálsamo, de modo que o posto aduaneiro era importante e explicaria a sua riqueza. Jericó, “lugar de fragrância”, era uma cidade murada num vasto bosque de palmeiras na planície do Jordão, cerca de cinco milhas a oeste do rio.Fontes: Zacchaeus · Jericho · o próprio texto bíblico
- Ao subir de Jericó, Jesus se aproximou de Betfagé e Betânia, no monte das Oliveiras, na estrada entre as duas cidades. Betânia, cerca de duas milhas a leste de Jerusalém, na encosta sudeste da serra, recebeu o nome das muitas palmeiras que ali cresciam; Betfagé, “casa do figo verde”, ficava perto e marcava o limite de uma jornada de sábado a partir de Jerusalém, dois mil côvados. O monte das Oliveiras deve o nome às oliveiras de suas encostas e se ergue a leste de Jerusalém, do outro lado do vale do Cedrom.Fontes: Bethphage · Bethany · Mount of Olives · o próprio texto bíblico
- Ao aproximar-se e ver a cidade, Jesus chorou e lamentou que Jerusalém não tivesse conhecido, naquele dia, o que lhe traria paz. O nome é explicado como “possessão de paz” ou “fundamento de paz”; no original está no dual, provavelmente em referência aos dois montes sobre os quais a cidade foi construída, Sião e Moriá, ou, como alguns supõem, à cidade alta e à cidade baixa. É descrita como uma cidade montanhosa entronizada numa fortaleza de montanha.Fontes: Jerusalem · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jericho · Hoje: Tell el Alayiq · 31.852, 35.436 · versículo 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 11, 28, 41
- Mount of Olives · 31.778, 35.246 · versículos 29, 37
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org