Nations Bible

Lucas 17

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana, nu vɔ̃ tsɔtsɔke kple xɔse ƒe dɔ ŋuti

1Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ nu vɔ̃, gake baba na ame si dzi wòato ava.”

2Anyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃. 3Eya ta minɔ ŋudzɔ.

“Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ, eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee. 4Ne eda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòva zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me,’ la, ekema tsɔe kee.”

5Le ɣe bubu ɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.”

6Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.

7“Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’? 8Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo, eye nàva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu, eye mano nu, le esia megbe wò hã nàɖu nu ano nu oa’? 9Ɖe wòada akpe na dɔla la, elabena ewɔ nu si wògblɔ nɛ be newɔa? 10Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be ele be makafu mi o, elabena miagblɔ be, ‘Dɔla madzemadzewo míenye, míaƒe dɔdeasi ko míewɔ!’ ”

Dɔyɔyɔ kpodɔléla ewoawo

11Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi. 12Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be, 13“Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!”

14Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.

15Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, “Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ.” 16Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o.

17Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe? 18Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?”

19Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò.”

Yesu ƒo nu le mawufiaɖuƒe la ƒe vava ŋuti

20Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be ɣe ka ɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge?

Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku, 21alo woagblɔ be, ‘Edze egɔme tso afi sia’ alo ‘Ele akpa kemɛ o,’ elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.”

22Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadi be nye Amegbetɔ Vi la manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o. 23Amewo ava gblɔ na mi be, ‘Ele afii!’ alo ‘Ele afi mɛ!’ Migaxɔ wo dzi se o, eye migayi be yewoadim o.

24“Elabena Amegbetɔ Vi la ƒe tɔtrɔgbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le lilikpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe. 25Gake gbã la, ele be makpe fu vevie, eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye.

26“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. 27Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem, eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã.

28“Xexea me anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo 29va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã. 30Ɛ̃, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi Amegbetɔ Vi atrɔ gbɔ la naɖo.

31“Ame siwo anɔ xɔta gbe ma gbe, eye woƒe nuwo nanɔ xɔ me la megatrɔ yi aƒe me be yewoaƒo ƒu yewoƒe nuwo o. Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒe me le dua me o. 32Miɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Lɔt srɔ̃ dzi! 33Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku, eye ame si aku la atsi agbe. 34Le zã ma me la, ame eve amlɔ abati ɖeka dzi, eye woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi.

35“Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ evelia ɖi. [ 36Ame eve lanɔ agble me, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.]”

37Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ afi kae woakplɔ wo ayi?”

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Afi si nu kukuwo le la, afi mae akagawo hã nɔna!”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Dez leprosos e o dia do Filho do Homem

  • Lucas conta que, a caminho de Jerusalém, Jesus passava entre a Samaria e a Galileia quando dez leprosos o encontraram ao entrar num povoado. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) liga o nome Samaria a Shomeron, um monte nas montanhas de Israel que o rei Omri comprou de Shemer e onde edificou sua capital, e explica a Galileia, que significa “circuito”, como uma terra longamente ocupada por seus habitantes originais e por isso chamada “Galileia dos gentios”. Dos dez que foram curados, só um samaritano voltou, e Jesus o chamou de estrangeiro.Fontes: o próprio texto bíblico · Samaria · Galilee
  • Jesus diz que o dia do Filho do Homem será como os dias de Noé, quando as pessoas comiam e bebiam, casavam e eram dadas em casamento, até Noé entrar na arca e o dilúvio destruir a todos. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) explica o nome Noé como “descanso” e o identifica como filho de Lameque e pai de Sem, Cam e Jafé.Fontes: o próprio texto bíblico · Noah
  • Jesus também lembra os dias de Ló, quando as pessoas comiam e bebiam, compravam e vendiam, plantavam e construíam, até o dia em que Ló saiu de Sodoma e fogo e enxofre choveram do céu. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) explica o nome Sodoma como “queima” ou “a murada” e situa a cidade no vale de Sidim, onde, segundo o dicionário, fogo do céu a destruiu. No mesmo aviso, Jesus diz que ninguém no eirado ou no campo deve voltar para buscar seus bens, e acrescenta: “Lembrem-se da mulher de Ló!”Fontes: o próprio texto bíblico · Sodom

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 11
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 11
  • Samaria · Hoje: Samaria 2 · 32.276, 35.195 · versículo 11

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.