João 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu yɔ dɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe
1Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. 2Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?”
3Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. 4Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. 5Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la.”
6Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. 7Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.
8Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”
9Ame aɖewo be eyae, eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsu la ŋutɔ gblɔ be, “Nyee.”
10Ameawo biae be, “Ke aleke wɔ hafi wò ŋkuwo ʋu?”
11Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be maɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu, eye mede asi nukpɔkpɔ me.”
12Ameawo gabiae be, “Afi ka ame sia le?”
Eɖo eŋu na wo be, “Nyemenya o.”
Farisitɔwo ku nya me tso dɔyɔyɔ la ŋu
13Ale ameawo kplɔ ŋutsu la yi ɖe Farisitɔwo gbɔe. 14Ke gbe si gbe Yesu nya anyi tsɔ ʋu ŋku nɛ la nye Dzudzɔgbe ŋkeke. 15Farisitɔ la hã biae be aleke wòwɔ hafi nèle nu kpɔm? Egblɔ na wo be, “Etsɔ ba sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meɖale tsi, eye nye ŋkuwo ʋu, eye mele nu kpɔm.”
16Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.”
Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome.
17Mlɔeba la, wogatrɔ ɖe ŋkuagbãtɔ la ŋu hebiae be, “Ame ka ƒomevi nèbu be enye? Wòe wòʋu ŋku na.”
Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Nyagblɔɖila wònye.”
18Yudatɔwo mexɔe se be ŋutsu la nye ŋkuagbãtɔ, eye Yesu ʋu eƒe ŋkuwo o va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ. 19Wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe, aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?”
20Edzilawo ɖo eŋu be, “Vavã mía vie, eye ŋkuagbãtɔe míedzii. 21Gake míenya ale si wòwɔ hafi le nu kpɔm o, eye míenya ame si ʋu eƒe ŋkuwo nɛ o. Mibia eya ŋutɔ; etsi, ate ŋu aƒo nu, aɖe eɖokui nu.”
22Edzilawo gblɔ nya sia, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ɖoe be ame si agblɔ be Yesue nye Kristo la la, woanyae le gbedoxɔ la me. 23Esia ta edzilawo gblɔ be, “Etsi, mibia eya ŋutɔ ɖo.”
24Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia, eye wogblɔ nɛ be, “Kafu Mawu boŋ. Míenya be nu vɔ̃ wɔla wònye.”
25Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Eɖanye nu vɔ̃ wɔla o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menya lae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!”
26Ameawo gabiae be, “Nu ka wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ hafi ʋu wò ŋkuwo na wò?”
27Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ nya sia na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka ta miedi be magagblɔe na mi ɖo? Alo ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”
28Farisitɔawo de asi ŋutsu la dzudzu me hegblɔ be, “Wò la, ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lae nènye, ke míawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe míenye. 29Míenya be Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, míenya afi si wòtso hã o.”
30Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, gake eyae ʋu nye ŋkuwo nam. 31Mienya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ eɖoa to mawuvɔ̃la kple ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. 32Ame aɖeke mese kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe kpɔ o. 33Ɖe ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o la, mate ŋu awɔ naneke o.”
34Wogblɔ na ŋutsu la be, “Wò la, nu vɔ̃ me wodzi wò ɖo. Nu ka ta nèdi be yeafia nu mí ɖo?” Ale wonyae do goe.
Ŋkuagbãtɔnyenye le gbɔgbɔ me
35Yesu se be wonya ŋutsu sia le gbedoxɔ me, eya ta esi wòdo goe la, ebiae be, “Èxɔ Amegbetɔ Vi la dzi sea?”
36Ŋutsu la biae be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam, ne maxɔ edzi ase.”
37Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si nèle kpɔkpɔm lae. Le nyateƒe me la, eyae le nu ƒom na wò fifia.”
38Ŋutsu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se,” eye wòsubɔe.
39Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”
40Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae be, “Ɖe nèle gbɔgblɔm be míawo hã míenye ŋkuagbãtɔwoa?”
41Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne mienye ŋkuagbãtɔwo la, womabu fɔ mi be miewɔ nu vɔ̃ o, gake esi miebe yewole nu kpɔm la, miaƒe nu vɔ̃wo anɔ mia dzi.”

Você sabia?
O homem cego de nascença
- O tanque de Siloé, para onde Jesus mandou o homem lavar-se, é explicado na narrativa como significando Enviado; uma nota sobre o lugar também traduz o nome como Enviado ou envio. Essa nota identifica o tanque com Birket Silwan, no vale inferior do Tiropeon, a sudeste do monte Sião. A água chegava até ele de modo intermitente por um canal subterrâneo sinuoso de 1750 pés, embora a distância direta fosse de apenas 1100 pés, a partir da Fonte da Virgem, e o tanque media 53 pés de norte a sul, 18 pés de largura e 19 de profundidade.Fontes: Siloam · o próprio texto bíblico
- Os discípulos de Jesus supunham que alguém havia pecado, o homem ou os pais dele, porque ele nascera cego. Jesus respondeu que nem um nem outros haviam pecado e que isso acontecera para que as obras de Deus se manifestassem nele. Mesmo depois, alguns dos que interrogavam o homem falaram dele como nascido em pleno pecado.Fontes: o próprio texto bíblico
- O dia em que Jesus fez lama e abriu os olhos do homem era um sábado, e os fariseus ficaram divididos: alguns diziam que ele não vinha de Deus, porque não guardava o sábado, enquanto outros perguntavam como um homem pecador poderia realizar tais sinais. Os pais do homem tiveram medo de dizer como ele agora via, porque quem confessasse Jesus como o Cristo seria expulso da sinagoga. Uma cronologia do acontecimento situa a cura em 29 d.C. e lhe atribui a duração de um dia.Fontes: o próprio texto bíblico · Blind Man Healed
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org