João 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Yesu dzo yi Amito la dzi.
Nyɔnu si wolé le ahasiwɔwɔ me
2Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo. 3Esi wònɔ nu ƒom la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ, eye wokplɔe da ɖe ameawo ƒe titina, 4eye wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia asiasii wònɔ ahasi wɔm. 5Mose ƒe se la gblɔ be, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woaƒu kpee wòaku. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?”
6Ame siawo bia nya sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nue ɖe anyigba. 7Esi woganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be “Mia dometɔ si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!” 8Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, egabɔbɔ ta, eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba.
9Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ. 10Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnu la be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ aɖeke meƒu kpe wò oa?”
11Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, Aƒetɔ.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi, la mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o.”]
Yesue nye xexea me ƒe kekeli
12Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, “Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”
13Farisitɔ siwo nɔ afi ma la gblɔ nɛ be “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo menye nyateƒe o.”
14Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina. Gake miawo la, mienya afi si metso alo afi si meyina o. 15Miawo la, miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la, nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o. 16Gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, elabena menye nye ɖekae li o. Nye kple Fofo si dɔm lae li. 17Miaƒe se la gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, enye nyateƒe. 18Nye la, meɖia ɖase tso ɖokuinye ŋu. Fofo si dɔm la hã ɖia ɖase tso ŋunye.”
19Ameawo biae be, “Afi ka fofowòa le?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, mienya ame si menye o, eya ta mienya Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.” 20Yesu gblɔ nya siawo, esi wònɔ nu fiam le gbedoxɔ la ƒe teƒe si te ɖe afi si wodaa nunaɖakawo ɖo. Gake ame aɖeke melée o, elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o.
Afi si yim mele la, miate ŋu ava o
21Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge. Miadim, gake miakpɔm o. Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Afi si meyina la, miate ŋu ava o.”
22Esia ta Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle eɖokui wu gea? Esia tae wògblɔ be, ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava oa?’ ”
23Yesu gagblɔ na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la, dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o. 24Esia ta megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me ɖo. Le nyateƒe me la, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.”
25Ameawo gabiae be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi tso gɔmedzedzea me ke. 26Nya geɖe le asinye magblɔ tso mia ŋuti, eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta. Ame si dɔm la nye nyateƒetɔ, eye nya siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexea me.” 27Ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo tso Fofo la ŋuti la gɔme o.
28Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la. 29Eya ame si dɔm la li kplim; magblẽm ɖi o, elabena mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣe sia ɣi.” 30Esi wònɔ nu ƒom la, ame geɖewo xɔ edzi se.
Nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe
31Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la be, “Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo. 32Mianya nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.”
33Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, míazu ablɔɖeviwo ɖo?”
34Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi. 35Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo le ƒomea me o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la tegbee. 36Eya ta ne Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã. 37Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye. Gake miedi be yewoawum, elabena miexɔ nye nyawo dzi se o. 38Nu siwo gblɔm mele na mi la nye esiwo teƒe mekpɔ le Fofonye gbɔ, gake miawo la, miewɔna ɖe nya si mia fofo gblɔ la dzi.”
Miawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃ ƒe viwo
39Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.”
Yesu gblɔ be, “Gbeɖe! Ɖe mienye Abraham ƒe viwo la, ne miawɔ nu si Abraham wɔ. 40Ke miawo la, miele agbagba dzem be yewoawum, elabena mele nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o. 41Nu siwo mia fofo wɔ la wɔm miele.”
Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasiviwo míenye o. Fofo ɖeka si le mía si lae nye Mawu ŋutɔ.”
42Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe Mawu nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue dɔm. 43Nu ka ta miele nye nyawo gɔme sem o ɖo? Elabena mieɖoa to nye nyawo o. 44Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye. 45Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi la, miexɔa dzinye sena o. 46Mia dometɔ kae ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ si mewɔ la dzi? Ne mele nyateƒea gblɔm la, nu ka ta miexɔa dzinye sena o ɖo? 47Ame si nye Mawu tɔ la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Susu si ta mieɖoa to Mawu ƒe nyawo o ɖo lae nye be mienye etɔwo o.”
Menɔ anyi hafi Abraham va dzɔ
48Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Ɖe menye nyateƒe wònye míegblɔ be Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?”
49Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Nye la, medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la, miele vlo domem. 50Nyemele ɖokuinye dom ɖe dzi o, gake ame aɖe li si le didim be woade bubu ye ŋu, eye eyae nye ʋɔnudrɔ̃la la. 51Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”
52Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o. 53Ɖe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Abraham kple nyagblɔɖilawo ku. Ame ka nèbuna be yenye?”
54Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, ame si miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem. 55Togbɔ be mienyae o hã la, nye ya menyae. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Ke nye la, menyae, eye meɖoa to eƒe gbe. 56Mia fofo Abraham kpɔ dzidzɔ esi wòse be megbɔna, eye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkeke la.”
57Yudatɔwo gabiae be, “Mèxɔ ƒe blaatɔ̃ gɔ̃ hã haɖe o, eye nèle gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?”
58Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham.” 59Esi wògblɔ nya sia la, Yudatɔwo fɔ kpe be yewoaƒui, gake Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le gbedoxɔ la me.

Você sabia?
Luz, lei e Abraão
- João 8 começa com Jesus indo ao monte das Oliveiras e voltando, de manhã cedo, aos pátios do templo, onde se senta e ensina o povo que se reúne. O monte das Oliveiras é uma serra a leste de Jerusalém, separada da cidade pelo vale do Cedrom, e recebe esse nome por causa das oliveiras que cobrem suas encostas.Fontes: o próprio texto bíblico · Mount of Olives
- Escribas e fariseus trazem uma mulher surpreendida em adultério e perguntam a Jesus o que ele diz sobre a ordem de Moisés, na Lei, de apedrejar tal mulher, buscando pô-lo à prova e obter base para acusá-lo. Ainda nos pátios do templo, perto do tesouro, Jesus diz mais tarde: "Eu sou a luz do mundo". Uma lista datada de eventos situa os dois episódios em 29 d.C., cada um com duração de um dia.Fontes: o próprio texto bíblico · Woman Caught in Adultery · Light of the World/I am discourse
- Quando Jesus diz que a verdade os libertará, seus ouvintes respondem que são descendentes de Abraão e que nunca foram escravos de ninguém. Abraão é chamado "pai de uma multidão"; era filho de Terá e herdeiro das promessas. Depois que Jesus declara "antes de Abraão nascer, eu sou", eles apanham pedras para atirar nele.Fontes: o próprio texto bíblico · Abraham
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Mount of Olives · 31.778, 35.246 · versículo 1
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org