Nations Bible

João 10

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Alẽkplɔla kple eƒe alẽha

1“Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye. 2Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. 3Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. 4Ne ekplɔ eƒe alẽawo katã do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye wokplɔnɛ ɖo, elabena wonya eƒe gbe. 5Womadze ame bubu yome o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womede dzesi eƒe gbe o.” 6Yesu do lo sia na wo, gake womese nya si gblɔm wòle na wo la gɔme o.

Yesu, alẽkplɔla nyui la

7Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo, 8eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawo wonye. 9Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo. 10Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la.

11“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta. 12Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe. 13Apadɔwɔla la sina, elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, eye metsɔa ɖeke le eme na alẽawo o.

14“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam, 15abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 16Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.

17“Fofonye lɔ̃m, elabena metsɔ nye agbe ɖo anyi be magaxɔe. Ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o. 18Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”

19Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo dome. 20Wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye wòle tsu kum. Migaɖo toe o.”

21Ke ame bubuwo gblɔ be, “Ame sia ƒe nyawo medze abe ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la tɔ ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa?”

Yudatɔwo ƒe dzimaxɔse

22Ŋutikɔkɔŋkekenyui la ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔli, 23eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me. 24Yudatɔwo ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Ɣe ka yie nàna míatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.”

25Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye, 26gake miexɔe se o, elabena menye nye alẽwo mienye o. 27Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme. 28Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, 29elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. 30Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.”

31Yudatɔwo gafɔ kpewo be yewoaƒui, 32gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?”

33Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?”

34Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa? 35Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o, 36eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’? 37Ne menye Fofonye gbɔ nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.”

39Ameawo gadi be yewoalée, gake edo go dzo le wo gbɔ. 40Yesu gatrɔ ɖatso Yɔdan tɔsisi la yi egodo, eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le tsã la. 41Enɔ afi sia, eye ame geɖewo va egbɔ. Ameawo gblɔ be, “Togbɔ be Yohanes mewɔ nukunu aɖeke o hã la, nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ŋutsu sia ŋu la nye nyateƒe.” 42Ame geɖewo xɔ Yesu dzi se le teƒe sia.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O Bom Pastor

  • Na Festa da Dedicação, em Jerusalém, era inverno, e Jesus caminhava pelos pátios do templo, no Pórtico de Salomão. O nome Jerusalém, na forma dual do original, significa "posse da paz" ou "fundação da paz"; essa forma provavelmente se refere aos montes Sião e Moriá ou, como alguns supõem, à cidade alta e à cidade baixa. O nome hebraico de Salomão, Shelomoh, significa "pacífico".Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem · Solomon
  • Uma cronologia dos episódios evangélicos situa o ensino do Bom Pastor em 29 d.C. e um tempo de ensino e cura, de Pereia a Jerusalém, em 30 d.C.Fontes: The Good Shepherd Teaching · Teaching and Healing in Perea to Jerusalem
  • Jesus voltou então para o outro lado do Jordão, ao lugar onde João tinha começado a batizar, e muitas pessoas ali creram nele. João era de linhagem sacerdotal: seu pai, Zacarias, era sacerdote da turma de Abias, e sua mãe, Isabel, era das filhas de Arão. O nascimento dele, seis meses antes do de Jesus, foi anunciado por um anjo; os que vinham diziam que João nunca fez sinal algum, mas que tudo o que dissera a respeito de Jesus era verdade.Fontes: o próprio texto bíblico · John the Baptist

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 22
  • Solomon’s Portico · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 23
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 40

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.