Nations Bible

João 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yɔdo ƒuƒlu la

1Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexea me mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ be womli kpe si nɔ yɔdo la nu la ɖa.

2Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!” 3Ale Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdo la gbɔ. 4Wo ame eve la nɔ du ƒum, gake nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo.

5Ebɔbɔ kpɔ yɔdo la me, ke ekpɔ ameɖivɔ la le yɔdo la me, gake mege ɖe eme o. 6Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdo la me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba, 7kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi. 8Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã. 9(Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)

10Azɔ nusrɔ̃lawo trɔ yi aƒe me.

Yesu ɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ

11Ke Maria tɔ ɖe yɔdo la to nɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeakpɔ yɔdo la me ɖa, 12kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde.

13Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?”

Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.”

14Enye kɔ kpɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu wònɔ tsitre ɖe emegbe, gake menya be Yesue o.

15Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?”

Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”

16Yesu yɔe be, “Maria!”

Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”).

17Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”

18Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo.

Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo

19Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.” 20Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la.

21Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.” 22Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ be, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 23Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o.”

Yesu ɖe eɖokui fia Toma

24Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o. 25Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.”

26Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.” 27Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.”

28Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”

29Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”

30Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o. 31Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Ver Jesus ressuscitado

  • O nome de Maria Madalena vem de Magdala, o lugar onde ela nasceu, e servia para distingui-la das outras Marias dos Evangelhos. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) considera equivocada a ideia comum de que ela era a mulher chamada “pecadora” em Lucas 7. Neste capítulo, ela encontra a pedra removida, depois se encontra com Jesus e diz aos discípulos: “Eu vi o Senhor!”Fontes: Mary Magdalene · o próprio texto bíblico
  • Tomé, um dos Doze, também era chamado Dídimo, o equivalente grego de seu nome hebraico, que significa “gêmeo”. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) diz que tudo o que sabemos sobre ele está registrado no Evangelho de João. Ele estava ausente quando Jesus apareceu pela primeira vez aos discípulos; disse que não creria a menos que visse as marcas dos pregos nas mãos de Jesus e pusesse a mão no seu lado, e oito dias depois respondeu: “Senhor meu e Deus meu!”Fontes: Thomas · o próprio texto bíblico
  • Quando Maria reconheceu Jesus, virou-se e dirigiu-se a ele em hebraico como “Rabboni”, que o Evangelho explica como “Mestre”. No início, ela o havia confundido com o jardineiro. Naquela noite, os discípulos estavam juntos, com as portas trancadas, por medo dos judeus, quando Jesus se pôs no meio deles e disse: “Paz seja com vocês!”Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.