Nations Bible

João 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la adre

1Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias Ƒu la to. 2Eva dzɔ be, Simɔn Petro, Toma (si wogayɔna be Didymus), Nataniel si tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu wonɔ ƒuta. 3Simɔn Petro gblɔ be, “Meyina tɔƒo.” Wogblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋu la me, gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o. 4Le ŋdi me la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta, gake nusrɔ̃lawo menya be Yesue nye ema o.

5Yesu yɔ wo be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖeke oa?”

Woɖo eŋu be, “Ao, míeɖe naneke o.”

6Egblɔ na wo be, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo, eye miaɖe lã.” Esi woda ɖɔa la, woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu he ɖɔ la o.

7Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me. 8Nusrɔ̃la mamlɛawo nɔ ʋu la me dze eyome, eye wohe ɖɔ si yɔ fũu kple lã la, elabena gota medidi tso wo gbɔ o; anɔ abe mita alafa ɖeka ko ene. 9Esi woɖi go la, wokpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, nɔ lã aɖewo mem, eye abolo hã kpe ɖe eŋu.

10Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.” 11Simɔn Petro ge ɖe ʋu la me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la va gota. Lã gãwo yɔ ɖɔ la fũu eye esi woxlẽ wo la, wonɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153) gake ɖɔ la mevuvu o.

12Yesu gblɔ na wo be, “Miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu biae be, “Ame ka nènye” o. Wonya be Aƒetɔ lae. 13Yesu va tsɔ abolo la kple lã la na wo.

14Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome.

Yesu gbugbɔ Petro ɖo te

15Esi woɖu nua vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?”

Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.”

Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema nyi nye alẽawo.”

16Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, elɔ̃m vavã?”

Petro ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.”

Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema lé be na nye alẽawo.”

17Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?”

Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.”

Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo. 18Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃ la, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu nado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o la.” 19Yesu gblɔ nya sia nɛ be wòatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge wòala atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Emegbe la, Yesu gblɔ nɛ be, “Dze yonyeme.”

Yesu kple eƒe nusrɔ̃la lɔlɔ̃ la

20Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na la wòkplɔ wo ɖo. (Nusrɔ̃la siae ziɔ ɖe Yesu ŋu le nuɖuƒe la hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi?”) 21Esi Petro kpɔe la, ebia be, “Aƒetɔ, ekema ame sia ya ɖe?”

22Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea? Wò la dze yonyeme.” 23Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome be nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke Yesu megblɔ be mele kuku ge o; ɖeko wògblɔ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea?”

Agbalẽ la ƒe nuwunyawo

24Nusrɔ̃la siae ɖi ɖase tso nu siawo ŋuti. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito, eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.

25Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe da ɖi la, mesusu be xexea me katã gɔ̃ hã melolo agbalẽ siawo nanɔ o.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Café da manhã à beira do mar de Tiberíades

  • Entre os reunidos à beira do mar de Tiberíades estavam Tomé, também chamado Dídimo — o equivalente grego de seu nome hebraico, que significa “gêmeo” — e Natanael, de Caná da Galileia, cujo nome significa “dom de Deus”. Natanael só é nomeado no Evangelho de João, que nunca inclui Bartolomeu na lista, e os dois têm sido identificados um com o outro. Também estavam ali os filhos de Zebedeu, Tiago e João, cujo pai era um pescador galileu, com dois barcos e servos contratados.Fontes: o próprio texto bíblico · Thomas · Nathanael · Zebedee
  • Simão Pedro, que convida os outros a ir pescar, tinha sido treinado nesse ofício. Três vezes Jesus se dirige a ele como “Simão, filho de João”. O Easton's Bible Dictionary (1897) diz que o nome do pai deve ser lido “João”, como na Revised Version, e não “Jonas”.Fontes: o próprio texto bíblico · Simon Peter · Jonas
  • Caná, cidade da Galileia perto de Cafarnaum e terra natal de Natanael, não é mencionada no Antigo Testamento. Alguns a identificam com Kana el-Jelil, oito ou nove milhas ao norte de Nazaré; outros, com Kefr Kenna, cerca de cinco milhas a nordeste de Nazaré e doze milhas em linha reta de Tiberíades. Natanael estava entre aqueles a quem Jesus se mostrou vivo depois da ressurreição, no mar de Tiberíades, e o capítulo chama essa ocasião de terceira aparição desse tipo aos discípulos.Fontes: o próprio texto bíblico · Cana · Nathanael

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Sea of Galilee · 32.819, 35.590 · versículo 1
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 2

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.