Nations Bible

João 19

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Wotso kufia na Yesu

1Ale Pilato na woƒo Yesu kple atam. 2Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Wodo awu dzĩ nɛ, 3eye woyi egbɔ zi geɖe, eye woɖu fewu le eŋu gblɔ be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe fia.” Eye woƒo tome nɛ.

4Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”

5Wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo be, “Miaƒe ame lae nye esi.”

6Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!”

Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”

7Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Le míaƒe se nu la, ele be wòaku, elabena egblɔ be Mawu ƒe Vi yenye.”

8Esi Pilato se nya sia la, vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã, 9eye wògage ɖe fiasã la me, eye wòbia Yesu be, “Afi ka nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o.

10Pilato gblɔ be, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Ènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋua?”

11Yesu gblɔ nɛ be, “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.”

12Tso esia dzi la, Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, gake Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ ɣlidodo dzi gblɔ nɛ be, “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la tsi tsitre ɖe Kaisaro ŋu.”

13Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi le teƒe si woyɔna be Kpe Gbadza (si woyɔna le Hebrigbe me be Gabata). 14Enye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la; anye gaƒoƒo adelia me. Pilato gblɔ na Yudatɔwo be, “Miaƒe fia lae nye esi!”

15Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!”

Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?”

Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”

16Mlɔeba la, Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woaklãe ɖe ati ŋuti. Ale asrafoawo kplɔ Yesu dzoe.

Woklã Yesu ɖe ati ŋu

17Wotsɔ eƒe atitsoga la da ɖe abɔta nɛ be wòakɔ, eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe” (si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me). 18Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le, eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu nɔ woƒe titina. 19Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be,

Yesu Nazaretitɔ, Yudatɔwo ƒe Fia.

20Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o, ale Yudatɔ geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ la. Woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Romagbe kple Helagbe me be ame sia ame nate ŋu axlẽe.

21Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato be, “Mègaŋlɔe be, ‘Yudatɔwo ƒe fia’ o, ke boŋ ŋlɔe be ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe fia.”

22Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.”

23Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke womema awutewui la ya o. Awu sia nye awu ʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.

24Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe.”

Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be,

“Woma nye awuwo na wo nɔewo,

eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.”

Alea asrafoawo wɔ.

25Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la. 26Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”

27Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!” Eye tso ɣe ma ɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒe aƒe mee.

Yesu ƒe ku

28Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!” 29Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano.

30Esi Yesu ɖɔe kpɔ ko la, egblɔ be, “Ewu enu azɔ,” eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu.

Wotɔ akplɔ Yesu ƒe axadame

31Azɔ enye Dzadzraɖoŋkeke, eye ŋkeke si kplɔ esia ɖo la anye Dzudzɔgbe ŋkeke tɔxɛ. Yudatɔwo medi be ame kukuawo nanɔ atitsogawo ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, eya ta wobia tso Pilato si be wòana woaŋe woƒe afɔwo be woaku kaba ne woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu. 32Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo. 33Gake esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o. 34Esia ta asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ, eye ʋu kple tsi do go. 35Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ɖi ɖase tso eŋu, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Enyae be yegblɔ nyateƒe, be miawo hã miaxɔe ase. 36Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!” 37Mawunya bubu gblɔ be, “Woakpɔ ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.”

Yesu ɖiɖi

38Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia la bia Pilato be wòaɖe asi le Yesu ƒe ŋutilã kukua ŋu na ye. Yosef nye Yesu ƒe adzamenusrɔ̃la, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Pilato ɖe mɔ nɛ, eye wòva kɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua dzoe. 39Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zã me la hã va kplii, eye wòtsɔ mire kple aloe siwo nye atike ʋeʋĩ tɔxɛ aɖe si ƒe home anɔ abe sidi blaadre-vɔ-atɔ̃ ene vɛ. 40Wosi ami la nɛ, eye wo kple eve la wotsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe ŋutilã kukua ɖe eme. Wowɔ nu sia ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo nu. 41Abɔ aɖe te ɖe afi si woklã Yesu ɖe atitsoga ŋu ɖo la ŋu, eye yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li. 42Esi gbe ma gbe nye Yudatɔwo ƒe Dzadzraɖoŋkeke ta la, wokɔ Yesu ɖaɖi ɖe yɔdo sia me, elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Julgamento, cruz e sepultamento

  • Pôncio Pilatos, o sexto procurador romano da Judeia (26-36 d.C.), tinha sede em Cesareia, mas subia com frequência a Jerusalém. Os governadores romanos costumavam instalar o tribunal ao ar livre; João situa o tribunal de Pilatos no Pavimento, chamado Gábata em hebraico, um mosaico de pedras coloridas fora do pretório, explicado como o monte do templo pavimentado onde ficava a fortaleza Antônia.Fontes: Pontius Pilate · Pavement · Gabbatha · o próprio texto bíblico
  • Os evangelistas interpretam Gólgota como “o lugar da caveira”: o nome transcreve o aramaico Gulgaltha, o hebraico gulgoleth, “caveira”, e designa o mesmo lugar chamado Calvário, descrito como um pequeno outeiro arredondado como um crânio descoberto, fora da porta e perto da cidade. Por estar tão perto, muitos judeus puderam ler o letreiro de Pilatos, escrito em hebraico, latim e grego, que nomeava Jesus de Nazaré — a cidade onde José e Maria tinham morado — como Rei dos Judeus.Fontes: Golgotha · Nazareth · o próprio texto bíblico
  • José de Arimateia, membro rico do Sinédrio e natural de Arimateia — provavelmente a Ramá do Antigo Testamento, embora outros a identifiquem com Ramleh ou com Ramá de Benjamim —, pediu o corpo a Pilatos, que consentiu depois que o centurião confirmou a morte de Jesus. Nicodemos, fariseu desse conselho que já visitara Jesus de noite, trouxe cerca de setenta e cinco libras de mirra e aloés; envolveram o corpo em linho com as especiarias, ao modo judaico, e o puseram num túmulo novo num jardim próximo, pois era o dia da Preparação e o dia seguinte era um grande sábado.Fontes: Joseph (of Arimathea) · Nicodemus · Arimathea · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 19
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 20

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.