Jeremias 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti
si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe
woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi,
kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti.
2Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo
kple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo te
kple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi.
3Matsɔ nye to si le anyigba dzi,
miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana
woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃
si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta.
4To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la,
miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi.
Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo
le anyigba si mienya o la dzi
elabena miede dzo nye dɔmedzoe me
eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.”
5Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi,
hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee
eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!
6Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene
eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o.
Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi
kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.”
7“Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu
eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me.
8Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to,
eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene.
Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la,
mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi.
Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”
9Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã
eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?
10“Nye Yehowae dzroa dziwo me,
eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na
ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si
eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”
11Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la,
nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu
ƒu to mɔ fitifitiwo dzi.
Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la,
aɖee afia be yenye bometsila.
12Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi
le gɔmedzedzea me ke lae nye teƒe
si miaƒe kɔkɔeƒe la le.
13O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ,
ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo.
Ame siwo trɔ le yowòme la,
woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me
elabena wogbe nu le Yehowa,
agbetsivudo la gbɔ.
14Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ.
Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.
15Wole biayem ɖaa be,
“Afi ka Yehowa ƒe nya la le?
Neva eme azɔ!”
16Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o;
ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o.
Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la,
le ƒeƒle le ŋkuwòme.
17Mèganye ŋɔdzinu nam o
elabena wòe nye nye sitsoƒe
le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
18Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya,
ɖem tso ŋukpe me.
Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o.
Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo,
agagbã wo ɖe edzi.
Miwɔ Sabat la kɔkɔe
19Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu. 20Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’ 21Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o. 22Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene. 23Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o. 24Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la, 25ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee. 26Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee. 27Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”

Você sabia?
Confiança, o Coração e o Sábado
- O estilete de ferro e a ponta de diamante eram ferramentas antigas usadas para gravar inscrições profundas e permanentes em pedra ou metal. Jeremias usa essa imagem para destacar que a idolatria de Judá não era superficial, mas estava profundamente gravada em seus corações e nas pontas de seus altares.Fontes: o próprio texto bíblico
- Jeremias contrasta um arbusto solitário no deserto seco e salgado com uma árvore viçosa plantada junto a um riacho. A árvore cujas raízes alcançam a água permanece verde e continua dando fruto mesmo em anos de seca, servindo de símbolo para quem confia em Deus em vez de confiar na força humana.Fontes: o próprio texto bíblico
- Jeremias recebeu a ordem de proclamar a palavra de Deus nas portas de Jerusalém, proibindo expressamente o transporte de cargas no dia de sábado. A santificação do sábado garantia a permanência de reis no trono de Davi e a vinda de adoradores das terras de Benjamim, de Judá e do Neguebe.Fontes: o próprio texto bíblico · David · Benjamin (patriarch) · Jerusalem
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 6
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 19, 20, 21, 25, 26, 27
- People’s Gate · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 19
- Negeb · 31.245, 34.841 · versículo 26
- Shephelah · 31.692, 34.875 · versículo 26
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org