Jeremias 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Gbegblẽ ƒe ŋkeke
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Mègaɖe srɔ̃ be nàdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o” 3Elabena ale Yehowa gblɔ tso ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo wodzi ɖe anyigba sia dzi, wo dadawo kple wo fofowo ŋutie nye esi: 4“Dɔ vɔ̃wo ava wu wo, womafa na wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Woatsrɔ̃ le yi kple dɔwuame ta, eye woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.”
5Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègayi kuteƒe nàɖu nu o, mègayi afa kple kutɔwo alo aɖe wò konyifafa afia o, elabena meɖe nye yayra, nye lɔlɔ̃ kple nye nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.” Yehowae gblɔe. 6“Amegãwo kple ame gblɔewo siaa aku le anyigba sia dzi. Womaɖi wo alo afa na wo o, eye ame aɖeke maxa ɖe wo ta asi eɖokui alo alũ eƒe taɖa o. 7Ame aɖeke maɖa nu aka na konyifalawo, atsɔ afa akɔe na wo o. Nenye wo fofo alo wo dada gɔ̃ hãe la, ame aɖeke mana aha wo teti atsɔ afa akɔe na wo o.
8“Ne wole nu ɖum le dzidzɔ kpɔm le aƒe aɖe me la, mègage ɖe aƒe ma me nanɔ anyi be yeaɖu nu, ano nu o. 9Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Le wò ŋkume kple wò ŋkekewo me, matɔ te dzidzɔkpɔkpɔ kple aglotutu ƒe ɣliwo eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbewo le teƒe sia o.’
10“Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la, 11ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o. 12Ke miawo la, miewɔ nu vɔ̃ɖi wu mia fofowo. Kpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe aglãdzedze yomee hegbe toɖoɖom ɖa! 13Eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi aɖo ɖe anyigba si miawo alo mia fofowo menya o la dzi. Le afi ma miasubɔ Mawu bubuwo zã kple keli elabena nyemave mia nu o” Yehowae gblɔe.
14“Yehowa be, gake ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso Egipte ƒe agbe’ o. 15Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me wonya wo ɖo ɖa la ƒe agbe.’ Elabena magbugbɔ wo aɖo te le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi.
16“Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me. 17Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womele ɣaɣla ɖem o eye woƒe nu vɔ̃wo hã meɣla ɖe nye ŋkuwo o. 18Maɖo eteƒe na wo zi eve le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena wodo gu nye anyigba kple woƒe aklamakpakpɛwo, eye woli legba nyɔŋuwo ɖe nye domenyinu la dzi fũu.’ ”
19O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ,
nye sitsoƒe le hiahiãgbe,
gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be,
“Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee;
toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui
aɖeke vɛ na wo o.
20Ɖe amewo wɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwoa?
Ɛ̃, gake menye mawuwoe wonye o!”
21“Eya ta mafia wo, ke azɔ la,
mafia nye ŋusẽ kple nye sesẽ wo.
Ekema woadze sii
be nye ŋkɔe nye Yehowa.

Você sabia?
A Solidão do Profeta e Sinais de Juízo
- Deus ordena a Jeremias que se abstenha do casamento, de refeições fúnebres e de festas. Seu isolamento forçado servia como um sinal vivo para o povo de que perdas catastróficas, fome e espada em breve eliminariam da terra tanto as celebrações alegres quanto os ritos normais de luto.Fontes: o próprio texto bíblico
- O capítulo lista costumes de luto comuns na época, incluindo oferecer pão e o cálice de consolação aos enlutados, além de rapar a cabeça e fazer cortes no corpo em sinal de dor. A magnitude do desastre iminente seria tão avassaladora que essas expressões comunitárias tradicionais de pesar cessariam por completo.Fontes: o próprio texto bíblico
- Historicamente, o êxodo do Egito serviu como a narrativa fundamental do livramento divino de Israel. Jeremias profetiza que uma restauração futura do exílio nas terras do norte superaria até mesmo a memória da libertação do Egito.Fontes: o próprio texto bíblico · Egypt
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 14
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org