Jeremias 15
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo! 2Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me.
Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu.
Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me.
Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’ ”
3Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo. 4Mawɔ wo woanye ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo le nu si Hezekia ƒe vi, Manase, Yuda fia wɔ le Yerusalem ta. 5Yehowa be,
“O Yerusalem, ame kae akpɔ nublanui na wò?
Ame kae afa na wò?
Ame kae atɔ, abia wò agbe ta se?
6Ègbe nu le gbɔnye,
ègale megbedede dzi eya ta malé wò,
atsrɔ̃ wò.
Nyemagate ŋu akpɔ nublanui na wò o.
7Magbɔ wò kple nugbɔnu le anyigba sia ƒe agbowo nu.
Mana kunyawo nadzɔ ɖe wo dzi eye matsrɔ̃ dukɔ sia
elabena wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o.
8Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake.
Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ,
wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi.
Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!
9Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu.
Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ.
Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe.
Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le
woƒe futɔwo ƒe ŋkume,”
Yehowae gblɔe.
10Danye, baba be nèdzim.
Nye ame si anyigba blibo la le avu wɔm,
le nya hem kplii!
Nyemedo nugbana na ame aɖeke o,
eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o,
gake ame sia ame le fi ƒom le deyem.
11Yehowa be,
“Vavã maɖe wò kokoko le susu nyui aɖe ta.
Le nyateƒe me, mana wò ketɔwo naɖe kuku na wò
le gbegblẽ kple xaxa ƒe ɣeyiɣiwo me.
12“Ɖe ame ate ŋu aŋe gayibɔ alo akɔbli si tso anyiehea?
13“Wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo la,
matsɔ wo ana abe nuhaha ene femaxee le wò nu vɔ̃
siwo nèwɔ le wò dukɔ me godoo la ta.
14Mana nànye kluvi na wò futɔwo
le anyigba si mènya o la dzi elabena nye dziku azu dzo abi ɖe ŋutiwò.”
15O Yehowa, èse egɔme eya ta ɖo ŋku dzinye
eye nàkpɔ tanye. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo;
le wò dzigbɔgbɔ blewuu me la, mègakplɔm dzoe o.
Bu ale si mexɔ vlododo le tawòe la ŋuti.
16Esi wò nyawo va la, meɖu wo,
wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ,
elabena wò ŋkɔ le ŋunye,
O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.
17Nyemenɔ anyi ɖe aglotulawo ƒe hame kpɔ loo
alo kpɔ dzidzɔ kpli wo kpɔ o.
Nye ɖeka koe nɔ anyi elabena wò asi le dzinye
eye nètsɔ dziku yɔ menye.
18Nu ka ta nye vevesese nu mele tsotsom o
eye nye abiwo lolo ɖe edzi hezu abi makumakuwo?
Ɖe nànɔ nam abe bleziblezita alo vudo
si megale tsi dzim o la enea?
19Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm.
Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o,
magana mianye nye amewo.
Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o.
20Mawɔ wò nànye gli na ame siawo
eye nànye akɔbligli sesẽ na wo.
Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o,
elabena meli kpli wò be maxɔ na wò.
21Maxɔ wò le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,
eye maɖe wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.”
Yehowae gblɔe.

Você sabia?
Rejeição, lamento e promessa divina
- Deus evoca Moisés e Samuel como os principais intercessores da história de Israel, declarando que nem mesmo a presença deles afastaria o julgamento decretado contra o povo.Fontes: o próprio texto bíblico · Moses · Samuel
- A desolação iminente e a dispersão dos habitantes de Jerusalém são atribuídas diretamente aos atos cometidos pelo rei Manassés, filho de Ezequias, durante o seu governo em Judá.Fontes: o próprio texto bíblico · Manasseh (son of Hezekiah) · Hezekiah · Jerusalem
- Jeremias lamenta seu doloroso isolamento e a hostilidade enfrentada por proclamar a mensagem de Deus, recebendo a promessa de que se tornaria como uma muralha de bronze fortificada diante de seus opositores.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org