Nations Bible

Atos 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Petro da gbe le tekunɔ aɖe ŋu

1Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. 2Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si. 3Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe gbedoxɔa me la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.

4Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũu, eye Petro gblɔ nɛ be, “Fɔ ta dzi nàkpɔ míaƒe ŋkume.”

5Ke tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana nane ye. 6Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli.”

7Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tsitre. Kasia tekunɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. 8Ale wòti kpo, tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim, nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum, eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔ la me.

9Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm, nɔ Mawu kafum la 10de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu; Woƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ta.

Petro gblɔ mawunya na ame siwo le gbedoxɔ la me

11Ŋutsu si woyɔ dɔe la mía eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ge ɖe gbedoxɔ la ƒe akpa si woyɔna be, Solomo ƒe Akpata la me, eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ eye woƒe nu ku.

12Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?” 13Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu ŋu. Yesu si miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu hafi. 14Miegbe nu le dzɔdzɔetɔ la kple kɔkɔetɔ la gbɔ eye miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ. 15Ɛ̃, miewu ame si nye Agbenala la gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Míawo la, míenye esia ƒe ɖaseɖilawo.

16“Le Yesu ƒe ŋkɔ me, to xɔse me tekunɔ sia, ame si miekpɔ, eye mienya nyuie la kpɔ dɔyɔyɔ. Yesu ƒe ŋkɔ kple xɔse si vana to eƒe ŋkɔ me lae na dɔyɔyɔ bliboe abe ale si mi katã miele ekpɔm ene.

17“Azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã. 18Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme. 19Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ, 20ne wòaɖo Kristo si nye Yesu, ame si wòtia na mi la ɖe mi. 21Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ. 22Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna, esi Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to nu sia nu si wòagblɔ na mi, 23elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe gbe, awɔ ɖe edzi o la le eƒe amewo dome.’

24“Vavã nyagblɔɖilawo katã, tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu. 25Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo, eye nu si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu bla nu kple Abraham be, ‘Woayra xexea me blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’ 26Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Cura e pregação no templo

  • A porta do templo chamada Formosa, onde um homem coxo de nascença era colocado todos os dias para mendigar, é nomeada neste capítulo. Supõe-se que fosse a porta que ia do pátio dos gentios ao pátio das mulheres; era maciça e coberta com placas de latão coríntio.Fontes: Beautiful Gate · o próprio texto bíblico
  • Depois da cura, a multidão admirada correu até Pedro e João no passeio chamado Pórtico de Salomão. Era uma colunata, ou claustro, provavelmente no lado oriental do templo; não é mencionada em conexão com o primeiro templo, mas Josefo menciona um pórtico com esse nome no templo de Herodes.Fontes: Solomon's Portico · o próprio texto bíblico
  • No discurso ali, Pedro disse que o povo entregara Jesus e o rejeitara diante de Pilatos, embora Pilatos houvesse decidido soltá-lo. Um verbete de dicionário identifica Pôncio Pilatos como o sexto procurador romano da Judeia, de 26 a 36 d.C., com sede em Cesareia, embora subisse com frequência a Jerusalém; seu nome ganha destaque especial em conexão com o julgamento de Jesus.Fontes: Pontius Pilate · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Beautiful Gate · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 10
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 6
  • Solomon’s Portico · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 11

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.