Atos 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Petro kple Yohanes le ʋɔnudrɔ̃ƒe ŋkume
1Esi Petro kple Yohanes wonɔ nu ƒom na ameawo alea la, nunɔlawo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. 2Petro kple Yohanes wonɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome si fia be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe li. Enye nu si medzɔ dzi na wo kuraa o. 3Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake. 4Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene.
5Esi ŋu ke la, dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfialawo kpe ta le Yerusalem. 6Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye nunɔlagã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple nunɔlagã ƒe ƒometɔ aɖewo. 7Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?”
8Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo! 9Ne miele gbe biam mí egbe ku ɖe dɔmenyo si míewɔ na tekunɔ sia ta be míagblɔ ale si wòwɔ haya la, 10ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le. 11Eyae nye,
“ ‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la,
eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’
12Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”
13Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi. 14Gawu la, esi wònye be tekunɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o. 15Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu.
16Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le tekunɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du blibo la me eye míate ŋu asẽ nu o. 17Gake be womegakaka woƒe nya si gblɔm wole o la, mina míayɔ wo agbe na wo be womekpɔ mɔ agagblɔ nya alo afia nu ame aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me o.” 18Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome, eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o.
19Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? 20Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.”
21Esi takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku de wo hede se na wo vevie la, wona wodzo. Ʋɔnua menya tohehe si tututu woatsɔ na wo o, elabena ameawo katã nɔ Mawu kafum le nu si dzɔ la ta. 22Elabena tekunɔ si ŋuti woda gbe le nukunutɔe la xɔ ƒe wu blaeve gɔ̃ hã.
Hametɔwo ƒe gbedodoɖa
23Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu teti ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ la na wo. 24Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa na Mawu hegblɔ be, “O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme. 25ȃo nu to Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, to mía fofo David, wò dɔla dzi be,
“ ‘Nu ka ta dukɔwo do dziku ɖe Mawu ŋu,
eye amewo le bablawo wɔm dzodzro ɖo?
26Ɛ̃, Anyigbadzifiawo wɔ ɖeka,
eye dziɖulawo bla nu ɖe Aƒetɔ la
kple eƒe Amesiamina la ŋu.’
27Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu. 28Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ. 29Azɔ míaƒe Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋue la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya la kple dzideƒo. 30Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”
31Esi wodo gbe ɖa vɔ alea la, xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã yɔ fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo.
Hametɔwo wɔ nu sia nu hamenue
32Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome. 33Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo, heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome, eye amenuveve gã le wo katã dzi. 34Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabena enuenu ame siwo si anyigbawo alo aƒewo nɔ la tsɔ wo dzra, eye ga home si wokpɔ la, 35wotsɔnɛ va dana ɖe apostoloawo ƒe afɔ nu eye womanɛ na amewo le woƒe hiahiã nu.
36Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro, eye apostoloawo yɔna hã be Barnabas (si gɔmee nye “dzideƒovi la”), 37dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostoloawo.

Você sabia?
Pedro e João diante do Sinédrio
- Os sacerdotes, o capitão da guarda do templo e os saduceus prenderam Pedro e João porque eles ensinavam o povo e anunciavam em Jesus a ressurreição dos mortos. Caifás, que participou da assembleia no dia seguinte, pertencia aos saduceus.Fontes: o próprio texto bíblico · Caiaphas
- Anás, chamado aqui de sumo sacerdote, ocupou esse cargo de 7 a 14 d.C., até que um procurador romano o depôs. Caifás, que havia se casado com a filha de Anás, foi elevado ao cargo em 25 d.C.; mesmo assim, alguns judeus ainda podiam considerar Anás o sumo sacerdote legal, pois a lei mosaica tratava o ofício como vitalício, e Anás provavelmente era presidente ou auxiliar do Sinédrio. João e Alexandre, parentes do sumo sacerdote e de outro modo desconhecidos, estavam sentados com eles.Fontes: o próprio texto bíblico · Annas · John (Relative of the High Priest) · Alexander (Son of Simon)
- Pedro, pescador de Betsaida, e João, também pescador e filho de Zebedeu, foram levados perante os governantes, os anciãos e os escribas. O conselho admirou-se da ousadia deles ao perceber que eram homens sem instrução e comuns, e notou que haviam estado com Jesus.Fontes: o próprio texto bíblico · Simon Peter · John the Apostle
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 5, 16
- Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 10
- Cyprus · 35.000, 33.000 · versículo 36
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org