Atos 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe kɔkɔ ɖe anyi le Pentekoste ŋkeke dzi
1Esi Pentekoste ŋkekea ɖo la, nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu ɖe afi ɖeka. 2Kasia gbe sesẽ aɖe si le abe ya sesẽ ƒe ƒoƒo ene la ɖi tso dziƒo, eye wòyɔ aƒe si me wonɔ la taŋtaŋ. 3Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, 4Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.
5Le ɣe ma ɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia. 6Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm. 7Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa? 8Ke aleke wɔ míese wole ame sia ame degbe gblɔm mahã? 9Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me. 10Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ, kple ame siwo nye amedzrowo tso Roma. 11Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!” 12Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”
13Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la dome nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu.”
Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na ameha la
14Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ. 15Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo. 16Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be,
17“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be
makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi.
Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.
Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo,
eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.
18Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,
ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa,
matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me,
ale be woagblɔ nya ɖi.
19Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me,
eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaa
eye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene.
20Ɣe ado viviti,
eye ɣleti atrɔ zu
ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke la naɖo.
21Ke ame sia ame si yɔa
Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ ”
22Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. 23Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. 24Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o. 25Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be,
“ ‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa,
elabena ele nye nuɖusime,
eya ta nyemavɔ̃ o.
26Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm,
eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me.
27Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wò
kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o.
28Èna menya agbemɔwo,
eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’ ”
29Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe. 30Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. 31Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. 32Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia. 33Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia. 34Elabena David meyi dziƒo o, gake egblɔ be,
“ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be:
“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime
35va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo
awɔ wò afɔɖodzinu.” ’
36“Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”
37Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”
38Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 39Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ.”
40Petro tsɔ nya bubu geɖewo xlɔ̃ nu ameha la, eye wòƒoe ɖe wo nu be, “Miɖe mia ɖokuiwo tso dzidzime vɔ̃ɖi sia me.” 41Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.
Yerusalem hame la
42Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa. 43Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ. 44Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui, 45wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 46Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me, 47eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.

Você sabia?
O Espírito vem no Pentecostes
- Judeus tementes a Deus, de todas as nações debaixo do céu, já moravam em Jerusalém quando um som como o de um vento forte e impetuoso veio do céu e encheu a casa, e os que falavam começaram a anunciar as maravilhas de Deus em outras línguas. Neste capítulo, “Ásia” é a província romana da Ásia Proconsular, na parte ocidental da Ásia Menor, cuja capital era Éfeso — e não o continente com esse nome. O Ponto, ao longo da costa sul do mar Euxino, era uma província romana no tempo dos apóstolos e um lugar frequentado por muitos judeus da Dispersão; a Capadócia era a província mais oriental e a maior da Ásia Menor.Fontes: o próprio texto bíblico · Asia · Pontus · Cappadocia
- A multidão ficou espantada de que os que falavam fossem galileus. Quem se levantou com os Onze e lhes falou foi Simão Pedro, chamado antes Simão — isto é, Simeão, que significa “ouvir” —, um pescador de Betsaida, na costa ocidental do mar da Galileia, a quem seu irmão mais novo, André, levou primeiro a Jesus.Fontes: o próprio texto bíblico · Simon Peter
- Pedro disse que aquilo era o que havia falado o profeta Joel. Joel, o segundo dos doze profetas menores, era filho de Petuel, e sua história pessoal só é conhecida pelo seu livro. Pedro também citou Davi, o oitavo e o mais novo dos filhos de Jessé, de Belém, e disse à multidão que esse patriarca havia morrido e fora sepultado, e que seu túmulo ainda estava com eles em Jerusalém.Fontes: o próprio texto bíblico · Joel · David
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 5, 14
- Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 7
- Asia · 38.400, 28.300 · versículo 9
- Cappadocia · 38.671, 34.839 · versículo 9
- Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículos 9, 14
- Mesopotamia · Hoje: Aram-naharaim · 36.864, 39.033 · versículo 9
- Pontus · 40.680, 37.830 · versículo 9
- Cyrene · 32.821, 21.851 · versículo 10
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 10
- Libya · 32.821, 21.851 · versículo 10
- Pamphylia · 37.000, 31.000 · versículo 10
- Phrygia · 39.000, 31.000 · versículo 10
- Rome · 41.892, 12.485 · versículo 10
- Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 22
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org