2 Samuel 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Mawu ƒe ŋugbedodo na David
1Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la, 2David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”
3Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli wò.”
4Ke Yehowa gblɔ na Natan le zã ma me be,
5“Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu xɔ nam manɔ emea? 6Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe. 7Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’
8“Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi. 9Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me! 10Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene 11alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ.
“ ‘Yehowa ɖe gbeƒã na wò be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na wò. 12Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. 13Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa. 14Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ, 15ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o. 16Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ”
17Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.
David ƒe gbedodoɖa
18Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,
“Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? 19Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?
20“Nya kae gale David si wòagblɔ na wò? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya wò dɔla. 21Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya.
22“Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene. 23Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. 24Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu.
25“Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, 26ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee.
27“Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò. 28Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! Wò nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. 29Azɔ la, nedze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi ɖaa le ŋkuwòme, elabena wò, Oo Aƒetɔ Yehowae ƒo nu eye wò dɔla ƒe aƒe axɔ yayra to wò yayra me tegbee.”

Você sabia?
A aliança de Deus com Davi
- O profeta Natã aparece aqui pela primeira vez no relato bíblico. Ele serviu como conselheiro de confiança durante os reinados de Davi e Salomão, guiando mais tarde a sucessão ao trono e confrontando o rei em momentos decisivos.Fontes: Nathan · o próprio texto bíblico
- Quando Davi propôs construir um templo permanente de cedro, Deus respondeu com um jogo de palavras sobre o termo "casa". Em vez de Davi construir uma casa física para a arca, Deus prometeu edificar para Davi uma "casa" duradoura: uma dinastia real cujo trono seria estabelecido para sempre.Fontes: o próprio texto bíblico · David
- Deus lembrou a Davi que, desde a saída de Israel do Egito, Sua presença havia se movido em uma tenda em vez de habitar em um edifício fixo de cedro, ressaltando o santuário móvel que acompanhara a nação ao longo de gerações.Fontes: o próprio texto bíblico · Egypt
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org