Nations Bible

2 Samuel 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

David kɔ nubablaɖaka la va Yerusalem

1David gaƒo ƒu ame tiatia akpe blaetɔ̃ tso Israel dukɔ blibo la me. 2David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu. 3Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio. 4Ahio nɔ zɔzɔm le ŋgɔ, 5David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu.

6Esi woɖo Nakon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu ƒe nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu. 7Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.

8David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be “Perez Uza” si gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe.

9David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?” 10Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me. 11Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom kple eƒe aƒemetɔwo katã.

12Esi Fia David se nya sia be, “Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta” la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso. 13Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe. 14David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi. 15Ale Israel kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe.

16Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime.

17Wokɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la da ɖe agbadɔ si David tu nɛ me eye David sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa. 18Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me 19eye wòtsɔ abolo ɖeka, lãkɔ kple waintsetsebolo na ame sia ame le Israel ƒe ameha blibo la dome, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ale ame sia ame trɔ yi aƒe me.

20David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”

21David ɖo eŋu be, “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe ƒome la teƒe eye wòɖom kplɔlae ɖe Israel, Yehowa ƒe amewo, nu la ŋkumee meɖu ɣe le! Eya ta mele klalo be mawɔ nu abe abunɛtɔ ene ale be maɖe nye dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me afia. 22Ɛ̃, melɔ̃ be magawɔ ɖokuinye abunɛtɔ gã aɖe wu esia gɔ̃ hã, ke nyɔnuvi siwo ŋu nèƒo nu le la agade bubu ŋunye wu esia.”

23Ale Mixal tsi ko le eƒe agbemeŋkekewo katã me.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A arca levada para Jerusalém

  • Baalá de Judá é outro nome para Quiriate-Jearim, cidade onde a arca da aliança havia permanecido na casa de Abinadabe desde o seu retorno da terra dos filisteus. O rei Davi reuniu trinta mil homens escolhidos de Israel para transportá-la de lá até Jerusalém em uma carroça nova conduzida pelos filhos de Abinadabe, Uzá e Aiô.Fontes: Baale-judah · Abinadab · Ahio · o próprio texto bíblico
  • Quando os bois tropeçaram na eira de Nacom, Uzá estendeu a mão para segurar a arca e morreu ali mesmo. Davi chamou aquele lugar de Perez-Uzá, que significa brecha de Uzá, e desviou a arca temporariamente para a casa de Obede-Edom, o geteu, por três meses antes de levá-la a Jerusalém.Fontes: Perez-uzzah · Uzzah · o próprio texto bíblico
  • Mical, filha de Saul e esposa de Davi, observou de uma janela o rei saltando e dançando com um efode de linho diante da arca e o desprezou em seu coração. Ao confrontá-lo pelo que considerou uma conduta indigna diante do povo, Davi defendeu sua celebração perante o Senhor, e Mical não teve filhos até o dia de sua morte.Fontes: Michal · Saul · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Baale-judah · Hoje: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículo 2
  • Perez-uzzah · Hoje: within 1 km of Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 8
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículos 10, 12, 16

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.