Nations Bible

2 Samuel 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

David ƒe dziɖuɖuwo le aʋa me

1Le esia megbe la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi to woƒe du Meteg Ama xɔxɔ me.

2Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.

3Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to. 4David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.

5Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000). 6David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.

7David tsɔ sikakpoxɔnu siwo ŋu dɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo wɔ la va Yerusalem. 8Etsɔ akɔbli gbogbo aɖe hã tso Teba kple Berotai siwo nye Fia Hadadezer ƒe du gãwo la me yi Yerusalem.

9Esi Hamat fia, Tɔi, se ale si David si fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la, 10eɖo Via ŋutsu Yoram ɖe David gbɔ be wòado gbe nɛ, akafui le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer eye wòsii la ta, vevietɔ, esi Tɔi kple Hadadezer nye futɔwo ta. Tɔi ɖo nu siwo wowɔ kple klosalo, sika kple akɔbli la ɖe David.

11Fia David kɔ nunana siawo katã ŋu na Yehowa, abe ale si wòwɔ kple klosalo kple sika si wòxɔ tso dukɔ siwo katã dzi wòɖu gbɔ, 12tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa.

13Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime 14eye wòda asrafo aɖewo ɖe Edom ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Ale Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.

David ƒe dɔnunɔlawo

15David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame. 16Yoab, Zeruya ƒe vi nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye fia ƒe tsiami. 17Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Seraya nye fia la ƒe nuŋlɔla. 18Benaya, Yehoiada ƒe vi nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fiaŋudzɔlawo la nu eye David ƒe viŋutsuwo nye nunɔlawo.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

As Conquistas e a Administração de Davi

  • A expressão Metegue-Amá em 2 Samuel 8:1 significa literalmente "o freio da cidade-mãe", uma designação figurativa para a conquista de uma cidade principal, identificada no relato paralelo de 1 Crônicas 18:1 como Gate.Fontes: Metheg-ammah · o próprio texto bíblico
  • Hadadezer de Zobá governava um reino arameu que se estendia em direção ao rio Eufrates. A vitória de Davi sobre ele consolidou o controle sobre Damasco e levou o rei Toí de Hamate, antigo rival de Hadadezer, a enviar seu filho Jorão com presentes de ouro, prata e bronze.Fontes: Zobah · Toi · Joram · o próprio texto bíblico
  • O capítulo descreve o governo centralizado de Davi, nomeando Joabe como comandante do exército, Josafá como arquivista, Zadoque e Aimeleque como sacerdotes, Seraías como escrivão e Benaia sobre os quereteus e peleteus.Fontes: Joab · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Moab · Hoje: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículos 2, 12
  • Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 3
  • Zobah · 33.935, 36.151 · versículos 3, 5, 12
  • Damascus · 33.511, 36.306 · versículos 5, 6
  • Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículo 5
  • Aram · 33.511, 36.306 · versículo 6
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 7
  • Hamath · Hoje: Hama · 35.136, 36.750 · versículo 9
  • Amalek · 30.648, 34.422 · versículo 12
  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 12
  • Edom · 30.746, 35.604 · versículos 12, 13, 14
  • Philistia · 31.664, 34.546 · versículo 12

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.