2 Reis 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Elisa da gbe le anyidzela Naaman ŋu
1Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém.
2Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla. 3Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, “Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.”
4Naaman yi eƒe aƒetɔ gbɔ eye wògblɔ nya si nyɔnuvi si tso Israel gblɔ la nɛ. 5Aram fia ɖo eŋu nɛ be, “Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia.” Ale Naaman dze mɔ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo. 6Agbalẽ si woŋlɔ na Israel fia la me nyawoe nye:
“Mele agbalẽ sia ɖom ɖe wò to nye dɔla Naaman dzi be nàda gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.”
7Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!”
8Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, “Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze wò awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel.” 9Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu. 10Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.”
11Ke Naaman trɔ dzo kple dziku hegblɔ be, “Nye ya mesusui be godoo la, ado ɖe ŋutinye, atɔ ɖe gbɔnye ayɔ Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, alili asi anyiteƒeawo, ayɔ dɔ nye anyidɔ la hafi. 12Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo kple dziku.
13Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’ ” 14Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe tɔ ene.
15Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.”
16Ke nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Meta Yehowa, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nyemaxɔ naneke o.” Togbɔ be Naaman ƒoe ɖe enu hã la, egbe mexɔ nunanawo o.
17Naaman gblɔ nɛ be, “Ne màxɔ wo o la, meɖe kuku, na wò dɔla naka anyi si tedzi eve ate ŋu atsɔ la nam elabena wò dɔla magasa numevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko. 18Ke Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ɖeka ko ta be ne nye aƒetɔ yi Rimon ƒe gbedoxɔ me be wòade ta agu eye wòziɔ ɖe nye abɔ ŋuti eye nye hã mede ta agu, le Rimon ƒe gbedoxɔa me la, Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ta.”
19Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.”
Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de. 20Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.”
21Ale Gehazi ɖe abla kplɔ Naaman ɖo. Esi Naaman kpɔe wònɔ du dzi gbɔna la, eɖi le eƒe tasiaɖam me be yeado goe. Ebia be, “Nu sia nu le nyuiea?”
22Gehazi ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’ ”
23Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe. 24Ke esi wogogo to si dzi Elisa nɔ la, Gehazi xɔ nuawo le subɔla eveawo si eye wòna wotrɔ dzo. Etsɔ ga la ɣla ɖe eƒe aƒe me.
25Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?”
Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.”
26Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa? 27Esi nèwɔ esia ta la, Naaman ƒe anyidɔ la ava wò kple viwòwo kple wo tɔgbuiyɔviwo dzi tegbetegbe.” Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋu enumake, eŋuti katã fu kpii eye wòzu anyidzela hafi do go le xɔa me.

Você sabia?
A cura de Naamã
- Quando Eliseu mandou Naamã se lavar no Jordão, o comandante ficou indignado, afirmando que o Abana e o Farfar, os rios de Damasco, eram melhores do que todas as águas de Israel.Fontes: o próprio texto bíblico · Abana · Pharpar
- Após ser curado de sua lepra, Naamã pediu a quantidade de terra de Israel que duas mulas pudessem carregar, para oferecer sacrifícios exclusivamente ao SENHOR ao retornar a Arã.Fontes: o próprio texto bíblico · Naaman
- Geazi, o servo de Eliseu, perseguiu Naamã para pedir prata e vestes sob pretextos falsos, fazendo com que Eliseu declarasse que a lepra de Naamã se apegaria a Geazi e aos seus descendentes.Fontes: o próprio texto bíblico · Gehazi
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 1, 2, 5
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículo 3
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 10, 14
- Abana · Hoje: Barada River · 33.514, 36.305 · versículo 12
- Damascus · 33.511, 36.306 · versículo 12
- Aram · 33.511, 36.306 · versículo 18
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org