2 Reis 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Fiata ho ɖe tsi dzi
1Gbe ɖeka la, nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gblɔ na Elisa be, “Kpɔ ɖa, teƒe si míewɔa takpekpe kpli wò le la le sue na mí akpa. 2Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.”
Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.”
3Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míeɖe kuku kplɔ mí yi teƒea.”
Elisa lɔ̃ hegblɔ be, “Mayi!” 4Ke eyi kpli wo.
Woɖo Yɔdan tɔsisi la to eye wode asi atiawo tsotso me. 5Esi nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ati aɖe tsom la, eƒe fia do le fiati la me eye wòge ɖe tɔsisi la me. Nusrɔ̃la la do ɣli enumake be, “Oo, nye aƒetɔ, ɖe meɣe fia la hafi!”
6Nyagblɔɖila la biae be, “Afi ka fia la ge ɖo?” Nusrɔ̃la la fia teƒe lae. Elisa lã ati aɖe da ɖe teƒea le tsia me eye fia la ho ɖe tsi la ŋgɔ enumake! 7Elisa gblɔ nɛ be wòalée eye wòlée.
Elisa na ŋkuagbãtɔ dze Siriatɔwo dzi
8Gbe ɖeka esime Siria nɔ aʋa wɔm kple Israel la, Siria fia gblɔ na eƒe aʋakplɔlawo be, “Míaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe.” Eyɔ teƒe la ŋkɔ na wo.
9Elisa gblɔ na Israel fia enumake be, “Mègate ɖe teƒe sia ŋu o, elabena Siriatɔwo ɖo be yewoaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma!” 10Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti.
11Nu sia wɔ nuku na Siria fia la. Eyɔ eƒe aʋafiawo ƒo ƒu eye wòbia wo be, “Mia dometɔ kae nye ameyomemɔfiala sia? Mia dometɔ kae le nye ɖoɖowo gblɔm na Israel Fia la?”
12Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!”
13Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!”
14Ale le zã aɖe me la, Siria fia ɖo aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖamwo kple sɔ geɖewo ɖa be woaɖe to ɖe du la. 15Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?”
16Elisa gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!”
17Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi.
18Esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la lũ ɖe wo dzi la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ.” Eye wòva eme nenema.
19Elisa yi ɖagblɔ na wo be, “Menye du si me yim miele hafi lae nye esia o. Du bubu mee mieva ɖo! Midze yonyeme eye makplɔ mi ayi ame si dim miele la gbɔ.” Ale Elisa kplɔ Siriatɔwo ƒe aʋakɔ blibo la yi Samaria!
20Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me!
21Esi Israel fia kpɔ wo la, edo ɣli bia Elisa be, “Fofonye, ɖe mawu woa? Mawu woa?”
22Elisa ɖo eŋu be, “Kura o! Ɖe míewua ame siwo míelé le aʋa mea? Na nuɖuɖu kple nunono wo eye nàtrɔ wo ɖo ɖe wo de le woƒe amegã gbɔ.” 23Ale Israel fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la eye esi woɖu nu, no nu vɔ la, eɖo wo ɖe aƒe eye wotrɔ yi ɖe woƒe amegã gbɔ. Tso gbe ma gbe dzi la, Siria ƒe adzohawo megadoa ta ɖe Israelnyigba dzi o.
Dɔwuame va Samaria esi woɖe to ɖee
24Ke emegbe la, Siria fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòɖe to ɖe Samaria. 25Nu sia na dɔ to le Samaria du la me. Esi dɔwuame sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ta la, tedzi ƒe ta xɔ klosaloga blaenyi eye sabala kpo ɖeka gɔ̃ hã xɔ klosaloga atɔ̃.
26Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!”
27Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o. 28Gbã la, nya kae dzɔ?”
Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nyɔnu sia gblɔ nam be míaɖa vinye ŋutsuvi aɖu eye le ŋkeke bubu dzi la, míaɖa ye hã ƒe viŋutsuvi aɖu. 29Ale míeɖa vinye ɖu, ke esi ŋu ke megblɔ nɛ be ‘Wò hã, wu viwò míaɖa ɖu egbe’ la, etsɔ via ɣla!”
30Esi fia la se nya sia la, edze eƒe awuwo. Amewo de dzesii to afi si eƒe awuwo dze le la be edo akpanyawu ɖe awu si wòdze la te. 31Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.”
32Elisa nɔ takpekpe me kple Israel ƒe ametsitsiwo le eƒe aƒe me. Fia la ɖo ame ɖa be woakplɔe vɛ. Ke hafi ame dɔdɔ la nava ɖo la, Elisa gblɔ na ametsitsiawo be, “Amewula sia ɖo ame aɖe ɖa be wòawum. Ne ame dɔdɔ la va ɖo la, mitu ʋɔa ɖe enu wòatsi ʋɔa godo elabena eƒe aƒetɔ akplɔe ɖo enumake.”
33Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”

Você sabia?
Carruagens de fogo e o cerco de Samaria
- Dotã, localizada a cerca de 19 quilômetros ao norte de Samaria e conhecida anteriormente como o lugar onde José foi vendido por seus irmãos, foi a cidade onde o exército arameu cercou Eliseu. Quando Eliseu orou para que os olhos de seu servo fossem abertos, o jovem viu as colinas ao redor cheias de cavalos e carruagens de fogo.Fontes: Dothan · o próprio texto bíblico
- Samaria, a capital de Israel situada em uma colina íngreme, sofreu um cerco devastador por parte de Ben-Hadade da Síria. A fome resultante tornou-se tão extrema que itens normalmente imprestáveis alcançavam preços exorbitantes em prata, e os moradores recorreram ao canibalismo.Fontes: Samaria · Ben-hadad · o próprio texto bíblico
- Quando Eliseu conduziu a tropa arameia, atingida por cegueira temporária, para dentro da capital fortificada de Samaria, ele proibiu o rei de Israel de matá-los. Em vez disso, o rei preparou um grande banquete para os soldados inimigos e os enviou em paz de volta ao seu senhor.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 2, 4
- Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 8, 9, 11, 23, 24
- Aram · 33.511, 36.306 · versículo 14
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 19, 20, 24, 25
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org