Nations Bible

2 Reis 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Ahosi la ƒe ami

1Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.”

2Elisa biae be, “Nu ka mawɔ akpe ɖe ŋutiwò? Nuɖuɖu ƒe agbɔsɔsɔ kae le asiwò le wò aƒe me?”

Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nuɖuɖu aɖeke mele asinye wu ami atukpa ɖeka o.”

3Elisa gblɔ na nyɔnu la be, “Enyo, yi nàɣe ze kple gagba aɖewo tso xɔ̃wòwo kple wò aƒelikawo gbɔ. 4Mi kple viwòwo miyi miaƒe xɔ me, eye miatu ʋɔa. Esia megbe la, trɔ ami si le wò atukpa la me la ɖe zeawo kple gagbaawo me. Tsɔ ɖe sia ɖe si yɔ la da ɖe axadzi!”

5Nyɔnu la wɔ nu si nyagblɔɖila la ɖo nɛ. Via ŋutsuwo tsɔ ze kple gagbawo siwo woɣe la vɛ nɛ eye wòtrɔ ami la ɖe wo me. 6Sẽe ko la, zeawo kple gagbaawo katã yɔ banabana! Nyɔnu la gblɔ na via ŋutsuawo be, “Migatsɔ ze bubu vɛ.”

Woɖo eŋu nɛ be, “Ze aɖeke megali o!” Ale ami la dzudzɔ dodo le atukpa la me.

7Nyɔnu la yi ɖagblɔ nya la na Mawu ƒe Ame la eye wòɖo eŋu nɛ be, “Yi nàdzra ami la eye nàxe fe siwo nènyi. Ga si atsi anyi la, agasusɔ na wò kple viwòwo dzi kpɔkpɔ!”

Elisa gbɔ agbe Sunem tɔ la ƒe viŋutsuvi

8Gbe ɖeka la, Elisa yi Sunem eye nyɔnu kesinɔtɔ aɖe nɔ afi ma ame si ƒoe ɖe enu be wòatsi ye gbɔ aɖu nu. Ale ne egava to mɔ ma yina la, etɔna ɖe afi ma be yeaɖu nu. 9Nyɔnu la gblɔ na srɔ̃a be, “Menya be ŋutsu sia, si va toa míaƒe mɔ dzi le afi sia edziedzi la nye Mawu ƒe ame kɔkɔe. 10Na míawɔ xɔ sue aɖe ɖe míaƒe xɔtame nɛ eye míatsɔ aba, kplɔ̃ kple zikpui kple akaɖi ada ɖe eme nɛ. Ekema ava tsi afi ma ɣe sia ɣi si wòava adze mía gbɔ.”

11Gbe ɖeka esi Elisa gava la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe xɔ me. 12Egblɔ na eƒe subɔla, Gehazi be, “Yɔ Sunami nyɔnu la nam.” Gehazi yi ɖayɔe eye wòva tsi tsitre ɖe Elisa ŋkume. 13Elisa gblɔ na Gehazi be, “Gblɔ na nyɔnu la be ‘Èkpe fu siawo katã ɖe mía ta. Azɔ la, nu kae woawɔ na wò? Míƒo nu ɖe nuwò le fia la ŋkume loo alo aʋafia la ŋkumea?’ ”

Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Aƒe le asinye le nye ŋutɔ nye amewo dome.”

14Elisa bia Gehazi emegbe be, “Nu ka míawɔ nɛ?”

Gehazi ɖo eŋu be, “Viŋutsu mele esi o, evɔ srɔ̃a nye amegãɖeɖi!”

15Elisa gblɔ be, “Yɔe ɖa.” Eyi ɖayɔe eye nyɔnu la va tsi tsitre ɖe xɔa ƒe mɔnu. 16Elisa gblɔ nɛ be, “Le ƒe si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi tututu la, àlé viŋutsuvi ɖe wò abɔwo me.”

Nyɔnu la gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, mègable wò dɔla o, O Mawu ƒe ame.”

17Ke nyɔnu la fɔ fu eye esi ƒe trɔ le ɣeyiɣi ma ke dzi la, edzi ŋutsuvi abe ale si Elisa gblɔe nɛ do ŋgɔe ene.

18Ɖevi la tsi eye gbe ɖeka la, edo go yi fofoa gbɔ, ame si nɔ nukuxalawo gbɔ. 19Ɖevi la gblɔ na fofoa be, “Nye ta! Nye ta!”

Fofoa gblɔ na dɔla ɖeka be, “Kɔe yi na dadaa.” 20Esi dɔla la kɔe yi na dadaa la, ɖevi la nɔ akɔ nɛ va se ɖe ŋdɔ me eye ɖevi la ku. 21Nyɔnu la yi dziƒoxɔ la dzi hetsɔ ɖevi kuku la mlɔ Mawu ƒe ame la ƒe aba dzi, tu ʋɔa eye wòdo go.

22Eyɔ srɔ̃a eye wògblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku, yi nàɖo wò dɔlawo dometɔ ɖeka kple tedzi ɖem ale be mate ŋu ayi Mawu ƒe ame la gbɔ kaba, atrɔ agbɔ.”

23Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nàyi egbɔ egbe? Egbe menye Dzinu Yeye alo Dzudzɔgbe ŋkeke o.”

Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Anyo ne mayi.”

24Ebla akpa na tedzi la eye wògblɔ na eƒe dɔla la be, “Doe sesĩe, mègadoe ɖɔɖɔɖɔ nam o, negbe megblɔe na wo hafi.” 25Ale wodze mɔ heva Mawu ƒe ame la gbɔ le Karmel to dzi.

Esi Mawu ƒe ame la kpɔe ɖaa le adzɔge la, egblɔ na eƒe dɔla Gehazi be, “Kpɔ ɖa, Sunami nyɔnu lae nye ekem. 26Ƒu du nàyi ɖakpee, nàbiae be, ‘Mi katã miedɔ nyuiea? Srɔ̃wò fɔ sesĩea? Viwò la fɔ nyuiea?’ ”

Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nu sia nu le nyuie.”

27Esi wòɖo Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, edze klo lé eƒe afɔ. Gehazi va be yeatutui ɖa gake Mawu ƒe ame la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu! Ele xaxa gã aɖe me gake Yehowa ɣlae ɖem eye megblɔ nu si tae la nam o.”

28Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, ɖe mebia viŋutsu wòa? Nyemegblɔ na wò be, ‘Mègaflum o’ mahã.”

29Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.”

30Vinɔ la gblɔ be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemayi aƒe me o negbe ɖeko nàyi kplim hafi!” Ale Elisa tso hedze nyɔnu la yome.

31Gehazi do ŋgɔ na wo ɖatsɔ atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo, ke nya aɖeke medzɔ o. Agbe ƒe dzesi aɖeke menɔ ɖevi la me o. Ale Gehazi trɔ ɖatu Elisa eye wògblɔ nɛ be, “Ɖevi la menyɔ o.”

32Esi Elisa ɖo aƒea me la, ɖevi kuku lae nye ekem wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi. 33Ege ɖe xɔa me, tu ʋɔa ɖe wo ame evea nu eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. 34Esia megbe la, ede abati la dzi mlɔ ɖevi kuku la dzi, tsɔ eƒe nu ɖo ɖevi la ƒe nu dzi, eƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe asiwo dzi eye wòdrã ɖe ɖevi la dzi, kasia ɖevi la ƒe lãme de asi dzoxɔxɔ me! 35Elisa fɔ tso abati la dzi eye wòɖi tsa sẽe le xɔa me. Egatrɔ de abati la dzi eye wògadrã ɖe ɖevi la dzi. Azɔ la, ɖevi la nye zi adre eye wòʋu eƒe ŋkuwo!

36Elisa yɔ Gehazi eye wògblɔ nɛ be, “Yɔ Sunami nyɔnu la vɛ.” Eyi ɖayɔe. Esi nyɔnu la va la, egblɔ nɛ be, “Xɔ viwò ŋutsuvi la.”

37Nyɔnu la va, dze klo ɖe eƒe afɔ nu eye wòde ta agu nɛ. Tete wòxɔ ɖevi la eye wòdo go.

Ku le ze la me

38Elisa trɔ azɔ yi Gilgal, afi si dɔwuame gã aɖe nɔ. Gbe ɖeka esi wònɔ nu fiam nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na Gehazi be wòawɔ atadi na nusrɔ̃lawo ƒe fiẽnuɖuɖu. 39Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka yi gbe me be yeadi amagbe aɖe vɛ. Egbɔ kple amagbe aɖewo siwo treklɔnuwo le wo ŋu, tsɔ wo ɖo dzo dzi, ke menya be aɖi le wo me o. 40Esi ameawo de asi nua ɖuɖu me ko la, wodo ɣli be, “Oo, Mawu ƒe ame, aɖi le nuɖuɖu la me!”

41Elisa na woku blimɔ aɖe vɛ nɛ. Etsɔe da ɖe ze la me eye wògblɔ na wo be, “Enyo azɔ; aɖi la vɔ le eme, miyi eɖuɖu dzi.” Woɖui eye naneke mewɔ wo o.

Nuɖuɖunana ame alafa ɖeka

42Gbe ɖeka la, ame aɖe si tso Baal Salisa la va na bli mumu kotoku ɖeka kple abolo blaeve siwo wowɔ kple lu yeye tso eƒe nuŋeŋe gbãtɔ me Mawu ƒe ame la. Elisa gblɔ na Gehazi be wòatsɔ wo ana nusrɔ̃lawo woaɖu.

43Gehazi bia be, “Nuɖuɖu sue sia ade na ame alafa ɖeka siawoa?”

Ke Elisa gblɔ be, “Tsɔe na wo ko elabena Yehowa gblɔ be nuɖuɖu la asu ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã agatsi anyi!” 44Nuɖuɖua su ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã gatsi anyi abe ale si Yehowa gblɔ ene!

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Milagres e provisão de Eliseu

  • Suném era uma aldeia no território de Issacar, situada ao norte de Jezreel e ao sul do monte Gilboa. Quando seu filho morreu repentinamente, a mulher sunamita percorreu cerca de trinta quilômetros pela planície para buscar Eliseu no monte Carmelo.Fontes: Shunem · o próprio texto bíblico
  • No contexto jurídico antigo refletido no relato, os credores podiam tomar os filhos de um devedor falecido como servos escravizados para quitar dívidas, o que levou a viúva de um profeta a clamar pelo socorro de Eliseu.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Durante um período de fome em Gilgal, um homem de Baal-Salisa trouxe a Eliseu vinte pães de cevada das primeiras colheitas, que alimentaram cem homens e ainda deixaram sobras.Fontes: Baal-shalishah · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Shunem · Hoje: Sulam · 32.606, 35.334 · versículos 8, 11, 12, 25
  • Mount Carmel · 32.672, 35.023 · versículo 25

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.