2 Reis 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Atalia kple Yoas
1Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eyi ɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, 2Ke Yehoseba, Fia Yoram ƒe vinyɔnu, ame si ganye Ahazia nɔvinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòfii dzoe tso fiaviŋutsu siwo wodi be woawu la dome. Etsɔ Yoas kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ aɖe me le gbedoxɔ me eye wòɣlae ɖe Atalia, ale womete ŋu wui o. 3Yoas kple eƒe dzikpɔla be ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade le esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum.
4Le Nyɔnufia Atalia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me la, nunɔla Yehoiada yɔ fiasãŋudzɔlawo kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Edo go wo le gbedoxɔ la me eye wòna woka atam nɛ be yewomagblɔe na ame aɖeke o. Ale wòtsɔ fiavi la fia wo 5eye wòde se na wo gblɔ bena, “Nu si miawɔ lae nye esi: Mi ame siwo wɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la ƒe akpa etɔ̃lia ɖeka adzɔ fiasã la ŋu. 6Akpa etɔ̃awo dometɔ ɖeka nanɔ Sur gbo la ŋu dzɔm eye akpa mamlɛa nanɔ agbo si le gbedoxɔ ƒe agbo si le ame si dzɔa gbedoxɔ la ŋu la megbe. 7Mi ame siwo le akpa eve bubuawo me la, ame siwo mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi o la, miawo midzɔ gbedoxɔ la ŋu na fia la. 8Miɖe to ɖe fia la, eye ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Woawu ame sia ame si adi be yeadze mi. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli.”
9Aʋafia si kpɔa asrafo alafa ɖeka dzi la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada. 10Etsɔ Fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me de asi na aʋafiawo. 11Dzɔla ɖe sia ɖe lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, ame si te ɖe vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe.
12Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
13Esi Atalia se ame siwo le gbedoxɔa ŋu dzɔm kple ameawo ƒe ɣli la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. 14Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
15Nunɔla Yehoiada de se na ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” 16Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.
17Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome. 18Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ.
Yehoyaɖa ɖo dzɔlawo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. 19Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, to dzɔlawo ƒe aƒe ŋu heyi fiasã la me eye fia la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. 20Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi le afi ma.
21Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia.

Você sabia?
A queda de Atalia e a coroação de Joás
- Atalia, filha de Acabe e Jezabel de Israel, tomou o trono de Judá após a morte de seu filho Acazias e tentou exterminar a família real. Durante seu reinado de seis anos, o culto ao deus fenício Baal se espalhou por Judá, mantendo seu próprio templo, altares e sacerdote em Jerusalém.Fontes: Athaliah · Baal · o próprio texto bíblico
- O menino Joás sobreviveu ao massacre porque sua tia Jeoseba, filha do rei Jeorão e irmã de Acazias, o escondeu com sua ama nas dependências do templo. Jeoseba é mencionada como a única princesa da casa real casada com um sumo sacerdote, Joiada.Fontes: Jehoshabeath · Jehoiada · o próprio texto bíblico
- Para proteger Joás, de apenas sete anos, durante sua coroação pública, o sacerdote Joiada armou os capitães de cem com lanças e escudos que haviam pertencido ao rei Davi e estavam guardados no templo.Fontes: Jehoiada · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Sur · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 6
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org