2 Reis 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yoas dzra gbedoxɔ la ɖo
1Le Yehu ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Yoas zu Yuda fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaene. Dadae nye Zibia tso Beerseba. 2Ewɔ nu dzɔdzɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me elabena nunɔlagã Yehoiada fia afɔɖoƒee. 3Gake, megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.
4Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me. 5Mina nunɔla ɖe sia ɖe naxɔ ga la tso gadzikpɔla ɖeka si eye miawɔ eŋu dɔ adzra nu sia nu si miekpɔ be egblẽ le gbedoxɔa me la ɖo.”
6Ke le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, nunɔlawo medzra gbedoxɔ la ɖo o. 7Ale Yoas yɔ Yehoiada kple nunɔla bubuawo eye wògblɔ na wo be, “Nu ka ta miewɔ naneke tso gbedoxɔ la ŋu kpɔ o? Azɔ la, migawɔ ga aɖeke ŋu dɔ na miawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Tso azɔ dzi yina la, ele be miawɔ ga ɖe sia ɖe ŋu dɔ hena gbedoxɔ la dzadzraɖo.” 8Ale nunɔlawo ɖo be yewoaɖo ga tɔxɛ aɖe da ɖi si mato yewoƒe asi me o, ale be yewomawɔ eŋu dɔ na yewo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o.
9Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme. 10Ne tsitrenuɖaka la yɔ la, fia ƒe gaŋutinyaŋlɔla kple nunɔlagã la xlẽa ga la, denɛ kotokuwo me 11Esi woɖo kpe ga homea dzi la, wotsɔe na ame siwo wotia be woakpɔ dɔa dzi le gbedoxɔ la ŋuti. Wotsɔ ga sia xe fe na ame siwo wɔ dɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu, atikpalawo kple xɔtulawo, 12gliɖolawo kple kpekpalawo. Woƒle ati kple kpe kpakpawo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzra ɖo eye woxe fe bubu ɖe sia ɖe si ku ɖe gbedoxɔ la dzadzraɖo ŋu.
13Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o. 14Wotsɔe xe fee na dɔwɔlawo, ame siwo dzra gbedoxɔ la ɖo. 15Womebia tso dɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta na ame aɖeke o elabena wonye nuteƒewɔlawo. 16Ke wotsɔa ga siwo amewo nana abe fɔɖivɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene la ya naa nunɔlawo hena wo ŋu dɔ wɔwɔ. Ga siawo ya megena ɖe tsitrenuɖaka la me o.
17Fia Hazael, Siria fia ho aʋa ɖe Gat ŋu le ɣeyiɣi sia me, ɖu edzi eye wòɖe zɔ ɖe Yerusalem hã dzi. 18Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o.
19Woŋlɔ Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi. 21Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.

Você sabia?
O reinado de Joás e as reformas do templo
- Quando as reformas do templo estagnaram até o vigésimo terceiro ano de seu reinado, Joás reorganizou o sistema de arrecadação. O sacerdote Joiada colocou uma caixa de madeira com um furo na tampa ao lado do altar, permitindo que o escrivão real e o sumo sacerdote pagassem diretamente carpinteiros, pedreiros e cortadores de pedra.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoiada
- Depois que o rei Hazael da Síria conquistou a cidade filisteia de Gate e avançou contra Jerusalém, Joás evitou o cerco entregando o ouro dos tesouros do palácio e do templo, além dos objetos sagrados dedicados por seus antecessores Josafá, Jeorão e Acazias.Fontes: o próprio texto bíblico · Hazael · Gath
- Após um reinado de quarenta anos em Jerusalém, Joás foi assassinado por seus próprios servos em Bete-Milo, no caminho que desce para Silá, uma localidade desconhecida, e foi sepultado na Cidade de Davi.Fontes: o próprio texto bíblico · Zabad · Silla
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 17, 18
- Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 17, 18
- Silla · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 20
- City of David · 31.774, 35.236 · versículo 21
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org