Nations Bible

2 Reis 10

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Wowu Ahab ƒe ƒometɔwo

1Azɔ la, viŋutsu blaadre nɔ Ahab ƒe aƒe me le Samaria. Ale Yehu ŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Samaria na dumegã siwo nɔ Yezreel kple dumemetsitsiwo kple Ahab ƒe viwo dzikpɔlawo. Eŋlɔ ɖe wo me be, 2“Ne agbalẽ sia ka mia si ko la, zi ale si miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo le mia gbɔ eye tasiaɖamwo kple sɔwo kple du si woɖo gli ƒo xlãe kple aʋawɔnuwo le mia si la, 3mitia miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo dometɔ nyuitɔ kple esi dzi mieka ɖo wu la miatsɔe aɖo fofoa ƒe fiazikpui dzi. Ekema miaʋli miaƒe aƒetɔ ƒe aƒe ta.”

4Ke vɔvɔ̃ ɖo ameawo akpa na nu sia wɔwɔ eye wogblɔ be, “Fia eve mete ŋu nɔ te ɖe Yehu nu o, nu ka míawo míate ŋu awɔ?”

5Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.”

6Yehu ɖo eŋu ɖo ɖe wo be, “Ne miele dzinye eye miele nye ɖoɖowo dzi wɔ ge la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ Ahab ƒe viŋutsuwo ƒe tawo vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣe aleawo ɣi.”

Ahab ƒe viŋutsu blaadre siawo nɔ amegãwo ƒe aƒewo me le dua me, afi si wonyi wo le tso woƒe ɖevime ke. 7Esi woxɔ agbalẽa la, wowu wo ame blaadreawo katã eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me heyi na Fia Yehu le Yezreel. 8Dɔla aɖe gblɔ na Yehu be, “Ahab ƒe viwo ƒe tawo va ɖo.”

Yehu ɖe gbe be, “Mili kɔ wo ɖe teƒe eve ɖe dua ƒe agbo nu; woanɔ afi ma va se ɖe ŋufɔke.”

9Esi ŋu ke la, Yehu do go. Etsi tsitre ɖe ameawo katã ŋkume hegblɔ be, “Mia tɔ dzɔ. Nyee ɖo nugbe ɖe nye aƒetɔ ŋu eye mewui, ke ame kae wu ame siawo katã? 10Ekema minyae be, nya ɖeka pɛ hã mado le nya siwo Yehowa gblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe ŋu la me o. Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo to eƒe dɔla Eliya dzi.” 11Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o.

12Azɔ la, Yehu dze mɔ yina Samaria. Esi wòɖo Bet Eked afi si alẽkplɔlawo nɔna la, 13edo go Yuda fia, Ahazia nɔviŋutsuwo le afi ma eye wòbia wo be, “Ame kawoe mienye?”

Woɖo eŋu be, “Fia Ahazia ƒe ƒometɔwo míenye, míeyina Samaria be míakpɔ Fia Ahab kple fiasrɔ̃ Yezebel ƒe viwo ɖa.”

14Fia Yehu ɖe gbe na eƒe amewo be, “Milé wo!” Wolé wo eye wokplɔ wo ame blaeve-vɔ-eneawo katã yi ɖawu le Bet Eked, do aɖe gbɔ.

15Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?”

Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.”

Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me. 16Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo.

17Esi woɖo Samaria la, Yehu wu Ahab xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo katã susɔ ɖe afi ma abe ale si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la ene.

Wowu Baal nunɔlawo

18Yehu ƒo ƒu ameawo katã nu eye wògblɔ na wo be, “Ahab subɔ Baal vie ko. Yehu asubɔe ŋutɔ. 19Azɔ la, miyɔ Baal ƒe Nyagblɔɖilawo, nunɔlawo kple eƒe subɔlawo katã. Mikpɔ egbɔ be, ame sia ame va elabena mele vɔsa gã aɖe wɔ ge na Baal. Ame sia ame si agbe vava la, maganɔ agbe o.” Ke Yehu ɖe wòle ameawo blem ale be yeate ŋu atsrɔ̃ Baal ƒe nunɔlawo.

20Yehu gblɔ be, “Miƒo ƒu ameawo nu hena bubudede Baal ŋu.” Ale woɖe gbeƒã kpekpe sia. 21Yehu gaɖo amewo ɖe Israelnyigba dzi eye Baal nunɔlawo katã va; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe vava o. Womimi wo ɖokuiwo ɖe Baal ƒe gbedoxɔ la me woyɔ gbedoxɔ la ƒe afi sia afi kpikpikpi. 22Yehu gblɔ na ame si kpɔa awu kɔkɔeawo dzi la be, “Kpɔ egbɔ be èhe awu kɔkɔeawo ɖe go na Baal nunɔlawo.” Ale wòhe awuawo ɖe go na wo.

23Azɔ la, Yehu kple Yehonadab, Rekab ƒe vi yi Baal ƒe gbedoxɔ la me eye wogblɔ na Baal nunɔlawo be, “Mikpɔ egbɔ be ame siwo subɔa Baal koe le afi sia. Migana ame siwo subɔa Yehowa la dometɔ aɖeke nage ɖe xɔa me o!” 24Esi Baal nunɔlawo de asi akpedavɔwo kple numevɔwo sasa me la, Yehu na eƒe ame blaenyi ɖe to ɖe gbedoxɔ la. Egblɔ na wo be, “Ne mieɖe mɔ ame aɖe si la, miaku ɖe sisila la teƒe.”

25Esi Yehu wu akpedavɔsa kple numevɔsa la nu la, edo go ɖagblɔ na eƒe ameawo be, “Miyi gbedoxɔ la me eye miawu ameawo katã. Migana wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã nasi adzo o!” Ale wowu ameawo katã eye wohe woƒe kukuawo yi gota. Yehu ƒe amewo ge ɖe gbedoxɔ emetɔ me. 26Wohe sɔti si ŋu dɔ wowɔna le Baal subɔsubɔ me la do goe eye wotɔ dzoe. 27Wogblẽ gbedoxɔ la eye wotrɔe wòzu afɔdzixɔ va se ɖe egbe.

28Ale Yehu ɖe Baal subɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le Israelnyigba dzi. 29Ke megbã sikanyivi si nɔ Betel kple Dan ya o. Sikanyivi siawo nye Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe nu vɔ̃ elabena ehe Israel blibo la de nu vɔ̃ me.

30Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Yehu be, “Èwɔe nyuie be èwɔ nye ɖoɖowo dzi eye nètsrɔ̃ Ahab ƒe dzidzimeviwo. Le esia ta la, mana wò dzidzimeviwo naɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi.” 31Ke Yehu medze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome kple eƒe dzi blibo o, elabena meɖe asi le Yeroboam ƒe nu vɔ̃ siwo he Israel de nu vɔ̃ me la ŋuti o.

32Le ŋkeke mawo me la, Yehowa ɖiɖi Israel ƒe agbɔsɔsɔ. Hazael ɖu Israelviwo dzi le nuto me blibo la me, 33le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, le Gilead ƒe anyigba la katã dzi (afi si nye Gad, Ruben kple Manase ƒe nutomewo me), tso keke Aroer si le Arnon tɔsisi la to va se ɖe Gilead kple Basan nutowo me.

34Woŋlɔ Yehu ƒe wɔna mamlɛawo ɖe Israel Fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

35Esi Yehu ku la, woɖii ɖe Samaria. Via Yehoahaz ɖu fia ɖe eteƒe. 36Yehu ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaeve-vɔ-enyi.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O expurgo e as reformas de Jeú

  • Jeú aliou-se a Jonadabe, filho de Recabe, convidando-o para o seu carro a fim de testemunhar o expurgo da casa de Acabe e a erradicação do culto a Baal. Jonadabe foi o líder e ancestral dos recabitas, um grupo notável na história israelita por seus estritos votos ancestrais.Fontes: Jonadab · Rechab · o próprio texto bíblico
  • Embora Jeú tenha destruído sistematicamente o templo de Baal e suas colunas sagradas em Samaria, o relato bíblico registra que ele manteve os bezerros de ouro estabelecidos anteriormente por Jeroboão, filho de Nebate, em Betel e Dã.Fontes: Baal · Jeroboam · o próprio texto bíblico
  • Ao longo de sua campanha em Jezreel e Samaria, Jeú justificou explicitamente a morte dos setenta filhos de Acabe e de seu círculo real como o cumprimento do julgamento divino proclamado anteriormente pelo profeta Elias.Fontes: Elijah · Ahab · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 1, 6, 12, 17, 35, 36
  • Dan · Hoje: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 29
  • Bashan · 32.781, 35.935 · versículo 33
  • Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 33
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 33
  • Valley of the Arnon · Hoje: Wadi Mujib · 31.466, 35.573 · versículo 33

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.