Nations Bible

1 Reis 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Dzadzraɖowo hena Gbedoxɔ la tutu

1Esi Tiro fia, Hiram se be wosi ami na Solomo heɖoe fiae ɖe fofoa, David teƒe la, eɖo eƒe ame dɔdɔwo ɖe Solomo elabena eya kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo. 2Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram:

3“Ènya be le aʋa siwo futɔwo tso afi sia afi wɔ kple fofonye, David ta la, fofonye mete ŋu tu gbedoxɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, va se ɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.”

4Fia Solomo yi edzi be,

“Ke azɔ la, Yehowa, nye Mawu na ŋutifafa Israel le goawo katã me, dukɔ bubuwo meganye futɔwo nam o, 5eya ta mele ɖoɖo wɔm be matu gbedoxɔ na Yehowa, nye Mawu, abe ale si wòɖo na fofonye be nyee atui na ye ene. Yehowa gblɔ na fofonye be, ‘Viwò si matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi lae atu gbedoxɔ nam.’

6“Meɖe kuku na wò be nàkpe ɖe ŋunye le dɔ sia wɔwɔ me. Ɖo wò atitsolawo ɖe Lebanon towo dzi be woatso sedatiwo nam. Maɖo nye amewo ɖa woawɔ dɔ kple tɔwòwo. Maxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la na wò amewo. Wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke mele Israel si ate ŋu adze ati abe Sidontɔwo ene o!”

7Hiram kpɔ dzidzɔ le Solomo ƒe nya siawo ŋu. Egblɔ be, “Woakafu Yehowa be wòna vi nyanu aɖe David be wòaɖu fia ɖe Israel dukɔ gã la dzi.”

8Egblɔ ɖo ɖe Solomo be,

“Mese wò nyawo eye mawɔ nu si nèbia. Mate ŋu ana sedati kple sesewuti siaa wò hena xɔa tutu. 9Nye amewo atsɔ atiawo tso Lebanon towo dzi ava da ɖe domeƒu la nu. Woakpe wo ale be míada wo ɖe atsiaƒua dzi, woato ƒugo la ŋu ayi afi si nàhiã wo le. Ekema míakaka wo atsɔ wo na wò ɖekaɖekae. Fetu si nàxe lae nye be nàdi nuɖuɖu na nye amewo.”

10Ale Hiram tsɔ sedati kple sesewuti ƒe agbɔsɔsɔ si Solomo ahiã la nɛ 11eye abe fetu ene la, Solomo ɖoa lu dzidzenu akpe alafa ɖeka blaeve vɔ atɔ̃ kple ami galɔn blasiekɛ-vɔ-ade ɖe Hiram ƒe sia ƒe. 12Ale Yehowa na nunya Solomo abe ale si wòdo ŋugbe nɛ ene. Hiram kple Solomo bla nu kple wo nɔewo hena ŋutifafa.

13Solomo ƒo dɔwɔla akpe blaetɔ̃ (30,000) nu ƒu tso Israelnyigba blibo la dzi. 14Eɖoa ame akpe ewo (10,000) ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram. 15Dɔwɔla bubu akpe blaadre (70,000) kple kpekpala akpe blaenyi (80,000) hã nɔ Solomo si le tonyigba la dzi, 16hekpe ɖe dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃ (3,300) ŋu. 17Kpekpalawo ku kpe gãwo le kpekuƒewo eye wokpa wo wozu gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpewo. 18Wogblẽ ga geɖe le dɔ sia wɔwɔ me. Amewo tso Gebal va kpe ɖe Solomo kple Hiram ƒe xɔtulawo ŋu le atidzedze kple kpekpakpa na gbedoxɔ la me.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Preparativos para o Templo

  • O rei Hirão de Tiro, uma importante cidade marítima fenícia, manteve relações pacíficas com Davi e firmou um tratado com Salomão. Em troca de madeira de cedro e cipreste do Líbano transportada pelo mar em jangadas, Salomão fornecia anualmente à corte de Hirão grandes quantidades de trigo e azeite puro de oliva.Fontes: Hiram · Tyre · o próprio texto bíblico
  • Para preparar os materiais do templo, Salomão recorreu à habilidade técnica dos sidônios no corte de madeira. Construtores de Tiro e de Gebal — uma antiga cidade costeira fenícia chamada pelos gregos de Biblos — trabalharam ao lado dos israelitas para lavrar grandes pedras aparelhadas e preparar as vigas.Fontes: Gebal · o próprio texto bíblico
  • Salomão organizou uma enorme força de trabalho para o projeto, convocando 30.000 israelitas que serviam no Líbano em turnos rotativos de 10.000 homens por mês sob a supervisão de Adonirão. Além disso, 70.000 carregadores e 80.000 cortadores de pedra trabalhavam nas montanhas, supervisionados por 3.300 chefes.Fontes: Adoniram · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Tyre · 33.271, 35.196 · versículo 1
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículos 6, 9, 14
  • Great Sea · Hoje: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículo 9
  • Gebal · Hoje: Byblos · 34.119, 35.646 · versículo 18

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.