1 Reis 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Salomo tu Gbedoxɔ la
1Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme.
2Gbedoxɔ si Fia Solomo tu na Yehowa la didi mita blaeve-vɔ-adre, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 3Akpata si le gbedoxɔ la ƒe dodonuxɔ nu la didi sɔ kple gbedoxɔ la ƒe kekeme, si ƒe kekeme nye mita asiekɛ eye wòdo ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ mita ene kple afã. 4Ewɔ fesre suesue siwo ƒe nugbɔ lɔ ɖe gotagome la ɖe gbedoxɔ la ŋu. 5Le gbedoxɔ la ƒe akpata gã kple xɔ titinatɔ ƒe gliwo megbe la, woɖo gli siwo me xɔŋuxɔewo le la ɖi godoo va kpe. 6Xɔ anyigbatɔ keke mita eve kple afã, xɔ titinatɔ keke mita etɔ̃ kloe eye xɔ tametɔ keke mita etɔ̃ kple nu sue aɖe. Le gbedoxɔ la godo la, eɖo gli kpui ƒo xlãe ale be womaŋɔ gbedoxɔ la ƒe gli la atsɔ naneke ade eme o.
7Wokpa kpe siwo ŋu dɔ wowɔ le gbedoxɔ la tutu me la le kpekuƒe la, ale womese zu, fia alo dɔwɔnu bubu aɖeke ŋu dɔ wɔwɔ ƒe ɖiɖi le xɔa tuƒe o.
8Wotoa gbedoxɔ la ƒe dziehe gome gena ɖe axadzixɔ anyigbatɔawo me. Atrakpui gɔdɔ̃gɔdɔ̃wo tso anyigbatɔawo me yi xɔtaxɔ gbãtɔwo me. Bubuwo hã gatso xɔtaxɔ eveliawo me yi etɔ̃liawo me. 9Esi wowu gbedoxɔa nu la, Solomo tsɔ sedati fa ɖe gliawo kple daɖedziawo kple sɔtiawo ŋu. 10Etu xɔŋuxɔewo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe kɔ mita etɔ̃ eye wolé wo ɖe gbedoxɔ la ŋu kple sedatiwo.
11Yehowa ƒe nya va na Solomo be, 12“Le gbedoxɔ si tum nèle ŋu la, ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, nèwɔ nye kɔnuwo dzi, ne èlé nye sewo me ɖe asi eye nèwɔ wo dzi la, ekema mato dziwò awɔ ŋugbe si medo na fofowò, David la dzi. 13Manɔ Israelviwo dome eye nyemagblẽ wo ɖi akpɔ o.”
14Ale Solomo wu gbedoxɔ la tutu nu mlɔeba. 15Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu le xɔawo me, tso anyigba ɖatɔ gbedoxɔ la ƒe dzisasã la eye wòɖo sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ƒe anyigba le xɔawo katã me. 16Eɖe mita asiekɛ ɖe gbedoxɔ la megbe eye wòtsɔ sedaʋuƒowo ma teƒe si wòɖe ɖe megbe la me tso anyigba ɖatɔ xɔ la ƒe dzisasã be wòanye xɔ anɔ gbedoxɔ la me, esia nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe. 17Akpata si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu la didi mita ene kple afã. 18Le gbedoxɔ la me la, efa sedaʋuƒowo ɖe afi sia afi eye wòta goewo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋuƒoawo ŋu ale be nu sia nu si le gbedoxɔa me la nye sedaʋuƒo, gli aɖeke ŋuti medze o.
19Xɔ ememetɔ mee wotsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la da ɖo. 20Xɔ sia me didi mita asiekɛ, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita asiekɛ. Etsɔ sika nyuitɔ fa ɖe gliawo kple dzisasã la ŋu. Solomo tsɔ sedati wɔ vɔsamlekpui da ɖe xɔ sia me, 21Efa sika nyuitɔ ɖe gbedoxɔ la me, etsi sikakɔsɔkɔsɔ ɖe xɔ emetɔ ƒe ŋgɔgbe, afi si ŋu wòfa sika ɖo. 22Ale wòfa sika ɖe xɔ blibo la me. Efa sika ɖe vɔsamlekpui si le xɔa emetɔ me la hã ŋu.
23Wotsɔ amiti kpa kerubi eve eye Solomo tsɔ wo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. Ɖe sia ɖe kɔ mita ene kple afã. 24Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita etɔ̃, aʋala evelia didi mita atɔ̃ eye tso woƒe aʋalawo ƒe nugbɔ yi aʋala bubu gbɔ le mita ade. 25Eda wo ɖi ale be ɖeka ƒe aʋala tɔ gli le afii eye evelia hã ƒe aʋala tɔ gli le afi mɛ. 26Woƒe aʋala emetɔwo tɔ wo nɔewo le xɔ la titina. 27Woƒe aʋala ɖeka didi afɔ adre kple afã ale kerubi ɖeka kple eƒe aʋalawo ƒe kekeme de afɔ wuiatɔ̃. 28Kerubi eveawo sɔ goawo katã me. Efa sika ɖe ɖe sia ɖe ŋu.
29Ekpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔ eveawo ƒe gliwo ŋu 30eye wòfa sika ɖe xɔ eveawo ƒe anyigba.
31Ke hena mɔnu si ge ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me la, etsɔ amiti sesẽ ƒe ʋuƒo kpa ʋɔtru si ŋena ɖe akpa eve la tsɔ xe mɔnu si ʋɔtruti atɔ̃ li na 32eye wòkpa Kerubiwo, detiwo, seƒoƒo siwo ke la ɖe mɔnu la ƒe ʋɔtru eve siwo wòkpa kple amiti la ŋu hafi fa sika ɖe wo katã ŋu. 33Solomo tsɔ amiti wɔ ʋɔtruti eve siwo ƒe kɔkɔme sɔ kple woƒe kekeme la, na gbedoxɔ la ƒe mɔnu. 34Ewɔ ʋɔtru eve kple sesewuti eye wodana yia megbe le wo ɖokui si. 35Wokpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋɔtruawo ŋu eye wòfa sika ɖe wo ŋu.
36Etsɔ kpe fufu ɖoɖo etɔ̃ kple sedaʋuƒo ɖoɖo ɖeka fa ɖe akpata emetɔwo ƒe gli ŋu.
37Woɖo gbedoxɔ la gɔme anyi le dzinu evelia me le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. 38Wowu xɔ blibo la tutu nu le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti enyilia, Bul me. Ale gbedoxɔ la tutu xɔ ƒe adre.

Você sabia?
A Construção do Templo
- Os blocos de pedra do templo foram talhados inteiramente na pedreira, de modo que nenhum som de martelo, cinzel ou qualquer ferramenta de ferro foi ouvido no canteiro durante a construção.Fontes: o próprio texto bíblico
- Todo o interior do templo foi revestido com cedro e cipreste e recoberto com ouro puro, ocultando totalmente as paredes de pedra. No santuário interior, dois querubins esculpidos em madeira de oliveira e cobertos de ouro mediam dez côvados de altura, com as asas estendidas tocando as paredes opostas.Fontes: o próprio texto bíblico · Most Holy Place
- Segundo o relato bíblico, o alicerce foi lançado no segundo mês do quarto ano do reinado de Salomão, 480 anos após a saída do Egito. Toda a obra durou sete anos, sendo concluída no oitavo mês de seu décimo primeiro ano.Fontes: o próprio texto bíblico · Reign of Solomon · Construction of Solomon's Temple
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 1
- Holy Place · Hoje: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 5
- Most Holy Place · Hoje: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículos 16, 17, 21, 22
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org