Nations Bible

1 Reis 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Salomo ƒe dɔnunɔlawo

1Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.

2Eƒe dumegãwoe nye:

Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla;

3Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo;

Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi;

4Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la;

Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.

5Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ;

Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ;

6Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ;

Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi.

7Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me.

8Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo:

Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu;

9Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan;

10Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi;

11Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi;

12Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi;

13Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me.

14Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim;

15Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali;

16Bana, Husai ƒe vi, dzɔa nu le Aser kple Alɔt;

17Yehosafat, Pania ƒe vi dzɔa nu le Isaka;

18Simei, Ela ƒe vi dzɔa nu le Benyamin;

19Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi.

Gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu le Salomo ƒe fiasã me

20Israel kple Yuda nye dukɔ si kpɔ kesinɔnu geɖe; woƒe amewo sɔ gbɔ eye dzidzeme nɔ anyigba la dzi. 21Fia Solomo ɖu anyigba blibo la dzi tso Frat tɔsisi la to va yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi va tɔ Egiptetɔwo ƒe liƒo. Dukɔ siwo dzi wòɖu la, dzɔ nu nɛ eye wosubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.

22Nuɖuɖu si Solomo hiã le fiasã la me gbe sia gbe woe nye wɔ memi kilolita ade kple afã, wɔ bubu, kilolita wuietɔ̃ kple afã, 23nyitsu dami ewo siwo wonyi le nyikpo me, nyi blaeve siwo wonyi le gbeɖuƒewo, alẽ alafa ɖeka eye ɣe aɖewo ɣi la, wowɔa sẽ, zi, sãde kple xevi damiwo ŋu dɔ. 24Fiaɖuƒe siwo katã nɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, tso Tifsa yi Gaza la nɔ Fia Solomo ƒe fiaɖuƒe me eye ŋutifafa nɔ anyigba blibo la dzi. 25Le Fia Solomo ƒe agbenɔɣi blibo la me la, ŋutifafa kple dedinɔnɔ nɔ Yuda kple Israel siaa eye aƒe kple agble nɔ ƒome ɖe sia ɖe si.

26Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Fia Solomo si.

27Nuɖuɖudzikpɔla siawo dzɔa nuɖuɖu na Solomo kple eŋumewo ɣleti sia ɣleti 28eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã.

Fia Salomo ƒe nunya

29Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le mɔ geɖewo nu. 30Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo. 31Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me. 32Eto lododo akpe etɔ̃ vɛ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃. 33Enya nu tso nu gbagbewo abe lãwo, xewo, dawo kple tɔmelãwo ene ŋu. Eganya nu tso atiwo hã ŋu, tso Lebanon ƒe sedati gãwo dzi va se ɖe kakle siwo tsina le gli dzedzewo me la ŋuti. 34Fiawo dɔa amewo tso anyigba geɖewo dzi ɖona ɖe egbɔ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A corte e a administração de Salomão

  • Salomão organizou seu reino sob oficiais principais e doze governadores regionais, cada um responsável por fornecer mantimentos para a corte real durante um mês do ano. Essa rede sustentava a casa de Salomão com grandes suprimentos diários de farinha, gado e caça, além de fornecer forragem para milhares de cavalos em um domínio que se estendia até o rio Eufrates.Fontes: o próprio texto bíblico · Euphrates
  • A administração de Salomão manteve continuidade com a corte de Davi, preservando o sumo sacerdote Zadoque, o comandante do exército Benaia, filho de Joiada, e o cronista real Jeosafá, filho de Ailude. Seus secretários, Eliorefe e Aías, eram filhos de Sisa (também registrado como Savsa), que havia servido anteriormente como escrivão de Davi.Fontes: o próprio texto bíblico · Zadok · Benaiah · Jehoshaphat
  • O relato bíblico celebra a vasta sabedoria de Salomão, observando que ele compôs três mil provérbios e mais de mil cânticos. Seu conhecimento registrado abrangia a história natural, desde os imponentes cedros do Líbano até o pequeno hissopo que brota nos muros, além de animais, aves, répteis e peixes.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Megiddo · Hoje: Tel Megiddo · 32.585, 35.184 · versículo 12
  • Taanach · Hoje: Tell Ta’anakh · 32.522, 35.219 · versículo 12
  • Argob · 32.969, 36.455 · versículo 13
  • Bashan · 32.781, 35.935 · versículos 13, 19
  • Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 13, 19
  • Havvoth-jair · 32.588, 35.726 · versículo 13
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 21, 30
  • Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículos 21, 24
  • Gaza · Hoje: Tell Harube · 31.504, 34.464 · versículo 24
  • Dan · Hoje: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 25
  • East · Hoje: region around Amman · 31.955, 35.934 · versículo 30
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 33

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.