Nations Bible

1 Coríntios 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Matsimatsi le xɔse me ƒe nuwɔnawo

1Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, nyemete ŋu ƒo nu na mi abe ame siwo tsi le Gbɔgbɔ me ene o, ke boŋ abe vidzĩwo, ame siwo mede ŋgɔ le kristotɔnyenye ƒe agbenɔnɔ me o eye wogale agbe le ŋutilã me abe ame siwo menye kristotɔwo o ene. 2Le esia ta nyemate ŋu ana nuɖuɖu sesẽ mi be miaɖu o, ke boŋ notsi ko mana mi elabena miaƒe dɔgbowo metsi atu nuɖuɖu sesẽ o. Va se ɖe fifia hã la, notsi ko wòle be mianɔ nonom 3elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene. 4Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa?

5Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se. 6Dɔ si Mawu de asi nam koe nye be mado nuku la ɖe miaƒe dziwo me, eye Apolo hã ƒe dɔe nye be wòade tsi nukuawo. Ke Mawu ŋutɔe na be nukuawo tsi, eye wotse ku le miaƒe dziwo me. 7Nukudola kple ame si de tsi nukuawo la ƒe dɔ mele vevie abe Mawu, ame si na be nukuawo tsi la tɔ ene o. 8Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu. 9Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o.

10Le Mawu ƒe amenuveve si wònam ta la, meɖo gɔmeɖokpe abe xɔtula aɖaŋutɔ ene, eye ame bubu va le etum ɖe edzi. Ke ele na ame sia ame be wòakpɔ nyuie tso ale si wòtui la ŋuti. 11Elabena ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖokpe bubu aɖeke anyi si to vovo tso esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la gbɔ o. 12Gake xɔtunu vovovowo li si woate ŋu atsɔ atu xɔe ɖe gɔmeɖokpe la dzi. Ame aɖewo tua xɔ kple sika, klosalo alo kpe xɔasi bubuwo, ame bubuwo hã tsɔa ati, aƒla alo be gɔ̃ hã tua xɔe. 13Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã? 14Ame siwo ƒe dɔ mefia le dzo me o la axɔ woƒe fetu. 15Ke ne ame aɖe ƒe xɔ fia le dzoa me la ekema ebu nu gã aɖe gake woaɖe eya ŋutɔ abe ame si woɖe le dzo bibi me ene.

16Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa? 17Ne ame aɖe ke atse do ŋunyɔ, eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu hã atsrɔ̃ ame ma enumake, elabena Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututu nye aƒe sia.

18Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo. 19Elabena xexe sia me ƒe nunyawo katã nye bometsitsi le Mawu ƒe ŋkume. Abe ale si woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽ me ene be, “Elé nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me.” 20Wogagblɔe na mí le Psalmowo ƒe agbalẽ hã me be, “Aƒetɔ la nya be nunyalawo ƒe susuwo katã le wodzoe abe ɖetifu ko ene.” 21Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ, 22eɖanye Paulo loo, alo Apolo o, Kefa, xexe sia me agbe, ku, egbeŋkeke alo etsɔ si gbɔna o, wo katã nye mia tɔ, 23eye mienye Kristo tɔ, ale Kristo hã nye Mawu tɔ.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Mestres rivais e o campo de Deus

  • As frases “Eu sou de Paulo” e “Eu sou de Apolo” se referem a dois mestres que os coríntios conheciam. Apolo, um judeu de Alexandria descrito como eloquente e versado nas Escrituras, foi a Corinto depois que Áquila e Priscila o instruíram mais a fundo, e seus seguidores se apegaram muito a ele.Fontes: o próprio texto bíblico · Apollos
  • Paulo transforma o trabalho dos dois numa imagem compartilhada: ele plantou a semente, Apolo a regou, e Deus a fez crescer. Chama-os de servos por meio dos quais os coríntios creram e de cooperadores com um só propósito, cada um recompensado segundo o próprio trabalho.Fontes: o próprio texto bíblico · Apollos
  • Uma nota biográfica tradicional diz que Apolo estava com Paulo em Éfeso quando esta carta foi escrita. Paulo ainda fala dos dois como servos e diz aos coríntios que parem de se gloriar nos homens — Paulo, Apolo ou Cefas —, porque os coríntios pertencem a Cristo, e Cristo pertence a Deus.Fontes: Apollos · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.