Nations Bible

1 Coríntios 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Mawu ƒe ɖoɖowo ɖia bometsinu na dzimaxɔsetɔwo

1Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o, 2elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o. 3Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya. 4Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o. 5Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me, ke menye le amewo ƒe nunya nu o.

6Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. 7Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. 8Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. 9Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be,

“Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame,

aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,”

eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.

10Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí.

11Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko. 12Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. 13Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. 14Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme. 15Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o.

16“Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu?

Ame kae afia nui?”

Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Cristo crucificado e a sabedoria do Espírito

  • Quem escreve diz que não veio com eloquência nem com sabedoria ao anunciar o testemunho de Deus. Havia resolvido nada saber enquanto estava com eles, a não ser Jesus Cristo e este crucificado, e veio em fraqueza, temor e grande tremor, para que a fé deles se apoiasse no poder de Deus e não na sabedoria humana.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A sabedoria falada entre os maduros não é a sabedoria desta era nem a dos seus governantes, que caminham para o nada. Ela é chamada de sabedoria misteriosa e oculta de Deus, destinada à glória antes do início dos tempos; esses governantes não a compreenderam, senão não teriam crucificado o Senhor da glória.Fontes: o próprio texto bíblico
  • O capítulo diz que Deus revelou pelo Espírito o que está além da vista, da audição e da imaginação humanas. Só o próprio espírito de uma pessoa conhece os pensamentos dela, e só o Espírito de Deus conhece os pensamentos de Deus. A pessoa natural não aceita o que vem do Espírito, trata isso como loucura e não consegue entendê-lo, porque isso se discerne espiritualmente.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.