1 Coríntios 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Kristo ƒe apostolowo
1Eya ta ele be miakpɔ Apolo kple nye Paulo ŋutɔ abe Kristo ƒe subɔlawo ko ene. Míaƒe dɔe nye be míaɖe Mawu ƒe nu ɣaɣlawo ɖe go, eye to esia me la, míahe yayra geɖe vɛ na amewo. 2Nu si le vevie na dɔla lae nye be wòakpɔ egbɔ be yenye nuteƒewɔla. 3Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o. 4Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o. 5Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.
Migade vovototo amewo me o
6Nɔviwo, ɖeko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale be miase nya siwo woŋlɔ ɖi la gɔme; nya si woŋlɔ be, “Mègatsɔ naneke kpe nu si woŋlɔ da ɖi la o.” Ale miagade bubu ame aɖe ŋu wu ame bubu o. 7Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene?
8Nu sia nu su mia si xoxo! Miezu kesinɔtɔwo xoxo! Miezu fiawo xoxo míawo manɔmee. Ne ɖe mienye fiawo xoxo la, adzɔ dzi nam ŋutɔ be míawo hã míanye fiawo kpli mi. 9Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ. 10Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la, míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko! 11Va sa ɖe fifi laa hã la, dɔ le mía wum, tsikɔ hã le mía wum, eye míekpɔ awu vuvu teti hã ado be vuvɔ nagawɔ mí o. Eye esi aƒe aɖeke mele mía si o ta la, wotua asi mí tso afii yi afi mɛ. 12Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo. 13Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o, elabena va se ɖe fifia hã la, amewo mebua mí o. Míele ko abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene.
14Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene. 15Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe. 16Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi be miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la. 17Esia tututu ta mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi.
18Menya nyuie be dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me, eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o. 19Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖe ko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm. 20Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nukpoloeƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me. 21Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?

Você sabia?
Servos, despenseiros e a advertência de um pai
- Paulo aplica estas coisas a si mesmo e a Apolo, para que os coríntios aprendam a não se orgulhar de um homem em detrimento de outro. Apolo, judeu nascido em Alexandria, eloquente e versado nas Escrituras, seguiu para Corinto, onde regou a semente que Paulo havia semeado, e seus discípulos ali se apegaram muito a ele. Um breve relato de sua vida o situa com Paulo em Éfeso quando foi escrita a primeira carta aos Coríntios.Fontes: o próprio texto bíblico · Apollos
- Paulo diz que os coríntios já têm tudo o que querem, enriqueceram e se tornaram reis sem ele e seus companheiros, e deseja que eles realmente fossem reis, para que ele e seus companheiros fossem reis com eles. Escreve que lhe parece que Deus exibiu os apóstolos no fim do cortejo, como prisioneiros destinados à morte, um espetáculo para o mundo inteiro, para os anjos e também para os homens, enquanto passam fome e sede, malvestidos, sem lar e trabalhando arduamente com as próprias mãos.Fontes: o próprio texto bíblico
- Paulo diz que enviou Timóteo, seu filho amado e fiel no Senhor, para lembrar aos coríntios o seu modo de vida em Cristo Jesus, o mesmo ensino que ele transmite em toda parte, em cada igreja. Timóteo, nome que significa honrando a Deus, era um jovem discípulo que acompanhou Paulo em muitas de suas viagens, e Paulo o chamava de seu próprio filho na fé. Esse relato nada diz do pai de Timóteo, senão que era grego, e nomeia sua mãe como Eunice e sua avó como Lóide.Fontes: o próprio texto bíblico · Timotheus
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org