1 Coríntios 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene.
Ɖoɖo na nyɔnuwo le Kristo hamea me
2Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu! 3Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi. Eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔe nye srɔ̃ŋutsu, eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔe nye Kristo, eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo. 4Esia ta menyo be ŋutsu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi o, elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o. 5Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ nu ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o. 6Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ nu ta o la, ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ nu eƒe ta boŋ.
7Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe. 8Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexea me la medo go tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me. 9Hekpe ɖe esia ŋuti la, Mawu mewɔ Adam na Eva o, ke boŋ Evae Mawu wɔ na Adam, 10eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te, eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene. 11Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me. 12Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣe ma ɣi dzi va se ɖe fifia la, ŋutsuwo do go tso nyɔnu me, eye wo katã tso Mawu, woƒe Wɔla gbɔ.
13Midrɔ̃e le miawo ŋutɔ mia ɖokui me kpɔ be enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa na Mawua? 14Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa? 15Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe. 16Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũu o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be ele be nyɔnu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo ne wòle nya gblɔm ɖi le amewo dome. Mawu ƒe hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.
Ɖoɖo le Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ŋu
17Le ɖoɖo siwo mede asi na mi ta la, nyemate ŋu akafu mi o, elabena miaƒe takpekpewo nana miegblẽna ɖe edzi wu be mianyo. 18Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna le hame la me. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã. 19Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ƒãa le mia dome. 20Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o. 21Mese be nu si dzɔna lae nye be ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanɛ o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanɛ. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã, eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi. 22Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano nu le aƒe me oa? Ɖe wòle be miado ŋukpe Mawu ƒe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o.
23Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ŋu na mi xoxo eye eyae nye be: Le zã si me wodee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi, 24eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.” 25Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” 26Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.
27Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. 28Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu. 29Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o. 30Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã. 31Ne miedzro mia ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mi o. 32Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o.
33Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme. 34Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la, ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o.
Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã, míalé nya mamlɛawo akpɔ.

Você sabia?
A cabeça coberta e a Ceia do Senhor
- O capítulo apresenta uma ordem de cabeça: a cabeça de todo homem é Cristo, a cabeça da mulher é o homem, e a cabeça de Cristo é Deus. Diz também que, no Senhor, nem a mulher é independente do homem nem o homem da mulher, pois a mulher veio do homem e o homem nasce da mulher, e tudo vem de Deus. Quando oram ou profetizam, o homem que cobre a cabeça desonra a sua cabeça, e a mulher que a deixa descoberta desonra a sua, como se estivesse rapada; ela deve ter sobre a cabeça um sinal de autoridade por causa dos anjos, e se afirma que as igrejas de Deus não têm outro costume.Fontes: o próprio texto bíblico
- O escritor não tem elogio para as reuniões deles, que, segundo ele, fazem mais mal do que bem. Ele ouviu que há divisões quando se reúnem como igreja e, em parte, acredita nisso; cada um come à frente sem compartilhar, de modo que um fica com fome enquanto outro se embriaga, e por isso não é a Ceia do Senhor que eles comem. Manda que esperem uns pelos outros e que, se alguém tiver fome, coma em casa, para que a reunião não resulte em juízo.Fontes: o próprio texto bíblico
- Ele diz que recebeu do Senhor o que também transmitiu: na noite em que foi traído, o Senhor Jesus tomou o pão, deu graças, partiu-o e disse que era o seu corpo, por eles; depois da ceia, tomou o cálice e chamou-o de nova aliança no seu sangue, a ser celebrada em sua memória. Sempre que comem esse pão e bebem desse cálice, anunciam a morte do Senhor até que ele venha. Quem come ou bebe de modo indigno torna-se culpado de pecar contra o corpo e o sangue do Senhor; por isso cada um deve examinar-se a si mesmo, pois comer e beber sem discernir o corpo traz juízo.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org