1 Coríntios 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Nuxɔxlɔ̃ amewo tso Israel ƒe dzɔdzɔmeŋutinya me
1Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie. 2Nuwɔna sia zu mawutsideta na wo kple Mose ɖe Ƒu la me. 3Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke, 4eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke, elabena wonoe tso gbɔgbɔmekpe gbadza si zɔ kpli wo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo. 5Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi.
6Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o. 7Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dometɔ aɖewo ene o, abe ale si woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wonɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie eye wotsi tsitre, emegbe la, woɖu ɣe.”
8Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000) sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi. 9Nɔviwo, miawo hã migaɖia Kristo nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o. 10Le esi wolĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã.
11Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí, ale be míawo hã míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ, ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexea me ƒe nuwuwu tu aƒe.
12Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o. 13Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me. 14Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mite ɖa le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ.
Miate ŋu ano nu le kplu eve nu o
15Menya be nunyalawo mienye eya ta mibu nya si gblɔ ge mala na mi ŋuti kpɔ. 16Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa? 17Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la, abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpa aɖe. 18Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvi la ƒe ɖe la zua ame ɖeka.
19Ame aɖe abia be, ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo, eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasiwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o. 20Nu si gblɔm mele boŋ lae nye be ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm, menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o. 21Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ aɖanoe le gbɔgbɔ vɔ̃ hã ƒe kplɔ̃ ŋu o; nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o.
22Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia?
Xɔsetɔ ƒe ablɔɖe
23Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la, ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o, gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o. 24Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me.
25Azɔ ne mieyi asi me la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole, eye migabia be afi ka lãa tso hã o. Ne menye nenema o la, ɖewohĩ ŋuɖoɖo la aɖe fu na miaƒe dzitsinya. 26Minyae be xexea me katã kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋu dɔ le dzidzɔ me.
27Ne dzimaxɔsetɔ kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wòdzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be, nu ka woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o. 28Gake ne miebe yewoaɖu nua ko, ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖu la sa vɔ na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖu la ŋuti ta. 29Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖu la ŋuti ŋu vevie.
Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe dzitsinya nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti? 30Ne màte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be mana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me, elabena eya bu be meda vo? 31Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me. 32Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖanye Yudatɔwo, Grikitɔwo alo Mawu ƒe hame la o. 33Nu si nye ya mewɔna lae nye be medzea agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be malé nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo.

Você sabia?
Advertências do deserto e a mesa do Senhor
- Paulo diz que não quer que os coríntios ignorem que os antepassados estiveram todos debaixo da nuvem e passaram todos pelo mar, e que foram batizados em Moisés na nuvem e no mar. Todos comeram o mesmo alimento espiritual e beberam a mesma bebida espiritual da rocha espiritual que os acompanhava, e ele afirma que essa rocha era Cristo.Fontes: o próprio texto bíblico
- Paulo diz que Deus não se agradou da maioria deles, pois foram abatidos no deserto. Ele menciona a idolatria, a imoralidade sexual em que vinte e três mil morreram num só dia, o ato de pôr Cristo à prova, que trouxe morte por serpentes, e as queixas, punidas pelo anjo destruidor, e chama esses fatos de exemplos registrados como advertências.Fontes: o próprio texto bíblico
- Ele chama o cálice da bênção e o pão que é partido de participação no sangue e no corpo de Cristo, e afirma que os sacrifícios dos pagãos são oferecidos a demônios, não a Deus, de modo que as duas mesas não podem ser partilhadas. O que se vende no mercado de carne pode ser comido sem levantar questões de consciência, pois "Do Senhor é a terra e a sua plenitude", mas, se alguém disser que foi oferecido a ídolos, convém recusar por causa da consciência dessa pessoa.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org