1 Coríntios 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Gbɔgbɔ la ƒe nunana tɔxɛwo
1Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o. 2Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe. 3Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, “Yesu ƒe fiƒode neva dziwò” o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko.
4Azɔ la, nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo li gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe. 5Subɔsubɔdɔ vovovowo li, ke Aƒetɔ ɖeka ma ko subɔm míele. 6Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi. 7Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu.
8Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie. Ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me, eye esiae nye eya hã ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ. 9Gbɔgbɔ la kee naa xɔse ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu. 10Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme. 11Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma ke koe naa ŋusẽ kple nunana siawo katã eye wòtiaa esi dze na mía dometɔ ɖe sia ɖe la na mí.
Ŋutilã ɖeka gake ŋutinu geɖewo
12Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe “ŋutilã” gome hã, 13elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsi ta na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Grikitɔ o, kluvi alo ablɔɖevi o. 14Ɛ̃, ŋutinu geɖewo le ŋutilã la ŋu, menye ŋutinu ɖeka koe wɔ ŋutilã o.
15Ne afɔ agblɔ be, “Nyemenye ŋutilã ƒe akpa aɖe o, elabena nyemenye asi o” la, mefia be eya ta afɔ menye ŋutinu abe bubuawo ene o. 16Nu ka nàbu ne èse to wògblɔ be, “Nyemenye ŋutilã la ƒe akpa aɖeke o elabena to ko menye, nyemenye ŋku o”? Ɖe esia awɔe be megade blibo abe ŋutinu ɖeka ene oa? 17Ne ŋutilã blibo la nye ŋku ko la, ekema aleke wòawɔ hafi ase nu? Alo ne wò ŋutilã blibo la nye to gã ɖeka la, aleke nàwɔ hafi ase nane ƒe ʋeʋẽ? 18Ke, menye nenemae Mawu wɔ mí o. Ewɔ míaƒe ŋutilã ƒe ŋutinu geɖewo eye wòtsɔ ŋutinu ɖe sia ɖe ɖo afi si tututu wòdi be wòanɔ. 19Míaƒe ŋutilã anye nu wɔnuku aɖe ne wònye ŋutinu ɖeka koe wɔe! 20Eya ta Mawu wɔ ŋutinu geɖewo, ke ŋutilã ɖeka koe li.
21Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be, “Nyemehiã wò o.” Ta mate ŋu agblɔ na afɔ be, “Nyemehiã wò o.” 22Ŋutinu siwo míabu be wonye nu gblɔewo, eye womele vevie o la woe nye esiwo hiã wu. 23Ɛ̃, dzi dzɔa mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu, eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o, 24ke míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ la nenema o. Ale Mawu wɔ ŋutilã le mɔ sia nu be míatsɔ bubu kple beléle na ŋutinu tɔxɛ aɖewo, ne menye nenema o la, adze abe ɖe womele vevie tututu o ene. 25Nu sia naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa ŋutinuwo dome, ale ŋutinuawo tsɔa beléle na wo nɔewo abe woawo ŋutɔ ke ene. 26Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye.
27Nu si mele agbagba dzem be magblɔ lae nye esi. Mí katã míeƒo ƒu zu Kristo ƒe ŋutilã ɖeka, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu ɖeka si le vevie. 28Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo. 29Ame sia amee nye apostoloa? Ao! Ame sia amee nye nyagblɔɖilaa? Ao! Ame sia amee nye nufialaa? Ɖe ŋusẽ le ame sia ame si be wòawɔ nukunuwoa? 30Ɖe ame sia ame si xɔ amenuveve ƒe nunana ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Ɖe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Ɖe ame sia ame ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm, eye wòaɖe egɔmea? 31Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la dzi.
Azɔ la, mina maƒo nu na mi tso mɔ bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu.

Você sabia?
Dons espirituais e um só corpo
- O capítulo começa lembrando que os leitores, quando eram pagãos, eram levados a ídolos mudos. Em seguida, estabelece um critério para o que se diz de Jesus: ninguém que fala pelo Espírito de Deus amaldiçoa Jesus, e ninguém pode confessar que Jesus é Senhor senão pelo Espírito Santo.Fontes: o próprio texto bíblico
- Os dons, os ministérios e os modos de agir são diferentes, mas vêm do mesmo Espírito, do mesmo Senhor e do mesmo Deus, que realiza todas as coisas em todas as pessoas. A manifestação do Espírito é dada a cada um para o bem comum, e o único Espírito as distribui — entre elas sabedoria, conhecimento, fé, curas, milagres, profecia, discernimento de espíritos, variedade de línguas e interpretação — como ele determina. As perguntas do final dizem o mesmo: nem todos são apóstolos, profetas ou mestres, e nem todos falam em línguas ou as interpretam.Fontes: o próprio texto bíblico
- Os muitos membros são comparados a um só corpo, e o mesmo se diz de Cristo. Em um só Espírito todos foram batizados nesse único corpo, judeus ou gregos, escravos ou livres, e a todos foi dado beber de um só Espírito. As partes que parecem mais fracas são chamadas indispensáveis, e às consideradas menos honrosas é dada maior honra, para que não haja divisão e os membros sofram e se alegrem juntos.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org