Nehemías 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Tsitretsitsi ɖe gli la ɖoɖo ƒe dziyiyi ŋuti
1Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la, 2Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim, 3eya ta megblɔ ɖo ɖe wo be, “Mele dɔ gã aɖe wɔm! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔ la ŋu ava o. Nu ka tae maɖe asi le dɔ la ŋu ava do go mi ɖo?” 4Woɖo du ma ke ɖem zi ene, eye nye hã meɖo ŋuɖoɖo ma ke ɖe wo ɣe sia ɣi.
5Ke zi atɔ̃lia la, Sanbalat ɖo eƒe dɔla ɖem kple gbedeasi ma ke, eye wòlé agbalẽ si nu wometre o la ɖe asi. 6Eme nyawoe nye:
“Woɖe gbeƒã le dukɔwo dome be wò kple Yudatɔwo mieɖo be yewoadze aglã, eya ta miele gli la ɖɔm ɖo. Gesem ɖo kpe edzi be ele eme. Gawu la, le nya siwo gblɔm wole nu la, esusɔ vie woatsɔ wò aɖo woƒe fiae, 7eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.”
8Nye ŋuɖoɖoe nye, “Wò ŋutɔ ènya be alakpa sɔŋ ko dam yele, nyateƒe aɖeke kura mele nya blibo sia me o.”
9Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.”
Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.”
10Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.”
11Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!” 12Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi. 13Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ.
14Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”
Wowu gli la ɖoɖo nu
15Míewu gli la ɖoɖo nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia gbe le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve ƒe dɔwɔwɔ megbe.
16Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu. 17Le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve siawo me la, agbalẽŋɔŋlɔ nɔ Tobia kple Yudatɔwo ƒe dunyahela kesinɔtɔwo dome. 18Eva eme alea elabena Yudatɔ geɖewo ka atam na Tobia le esi toa nye Sekania, Ara ƒe vi, eye via Yehohanan ɖe Mesulam, Berekia ƒe vi ƒe nyɔnuvi la ta. 19Gawu la, wo katã woɖia ɖase nam enuenu tso eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu, eye wotoa nya siwo katã megblɔna la hã nɛ. Ale Tobia ɖo agbalẽwo ɖa be wòatsɔ ado ŋɔdzi nam.

¿Sabías que…?
Conspiraciones y el Muro Terminado
- Sanbalat y Guesem invitaron repetidamente a Nehemías a reunirse en la llanura de Ono, una zona en el territorio de Benjamín a unos cincuenta kilómetros al noroeste de Jerusalén. Nehemías reconoció que esta invitación buscaba alejarlo de la ciudad para hacerle daño y frenar la reconstrucción.Fuentes: el propio texto bíblico · Ono · Sanballat · Geshem
- Los adversarios también sobornaron a figuras locales, como Semaías y la profetisa Noadías, para intimidar a Nehemías y hacer que se refugiara en el templo. Esconderse en el santuario para salvar su vida habría implicado violar normas sagradas y arruinar su reputación ante el pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico · Shemaiah · Noadiah · Tobiah
- A pesar de la intimidación externa y de la lealtad dividida de nobles locales emparentados con Tobías, la reconstrucción del muro de Jerusalén se completó en cincuenta y dos días, el veinticinco de Elul.Fuentes: el propio texto bíblico · Tobiah
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Hakkephirim · Hoy: within 10 km of Kafr Ana · 32.027, 34.868 · versículo 2
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 7
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org