Nehemías 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Nehemia kpe ɖe ame dahewo ŋu
1Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu. 2Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.” 3Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.” 4Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.”
5Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!”
6Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie. 7Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo. 8Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o.
9Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa? 10Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi! 11Migbugbɔ ame daheawo ƒe agblewo, waingblewo, amitigblewo kple aƒewo na wo egbe sia, eye deme alafa ɖekalia si miexɔna ɖe ga, bli, wain yeye kple ami dzi la natɔ.”
12Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o.
Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi. 13Meʋuʋu nye awutoga hegblɔ na wo be, “Alea kee Mawu aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi o la, ado goe le eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpe ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu, eya ta nenem ƒe ame ma woatrɔe akɔ ɖi, eye woaɖi gbɔloe!”
Esi megblɔ esia vɔ la, ame haho la katã xɔ ɖe edzi be, “Amen.” Wo katã wokafu Yehowa, eye ameawo wɔ abe ale si wodo ŋugbee ene.
14Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o. 15Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o. 16Mekpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu, eye nyemedi anyigba aɖeke be maƒle na ɖokuinye o. Mena nye kpeɖeŋutɔwo hã kpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu.
17Mewɔ esiawo katã togbɔ be menaa nuɖuɖu Yudatɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃ (150) gbe sia gbe kpe ɖe amedzro siwo tsoa anyigba bubuwo dzi ŋu hã. 18Nu siwo mehiãna gbe sia gbe la woe nye nyitsu ɖeka, alẽ dami ade kple koklo geɖewo, eye le ŋkeke ewo ɖe sia ɖe me la, mehiãa wain lita geɖe. Ke nyemeda nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖe ameawo dzi o, elabena nuwo nɔ sesẽm na wo xoxo.
19O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.

¿Sabías que…?
Crisis económica y justicia social
- La comunidad judía enfrentaba presiones económicas simultáneas, como la escasez de alimentos, los impuestos del imperio persa y préstamos con usura por parte de compatriotas ricos. Para sobrevivir y pagar los tributos reales, las familias más pobres hipotecaban sus campos y viñas y se veían forzadas a entregar a sus hijos a la servidumbre por deudas ante otros judíos.Fuentes: el propio texto bíblico
- Para asegurar el acuerdo de cancelar las deudas y restituir las propiedades confiscadas, Nehemías hizo que los nobles juraran ante los sacerdotes y sacudió los pliegues de su manto. Este acto simbolizaba que Dios despojaría de su casa y de sus posesiones a cualquiera que rompiera dicha promesa.Fuentes: el propio texto bíblico
- Nehemías ejerció como gobernador en la tierra de Judá durante doce años, desde el año vigésimo hasta el trigésimo segundo del rey persa Artajerjes. Durante su mandato, renunció a la asignación habitual de pan, vino y cuarenta siclos de plata debida al gobernador para aliviar la carga del pueblo, mientras alimentaba a 150 líderes y visitantes extranjeros a su propia costa.Fuentes: el propio texto bíblico · Artaxerxes
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org