Nehemías 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Aboyome siwo gbɔ la ƒe ŋkɔwo
1Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la, 2metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo. 3Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu. 4Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me. 5Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.
6Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la 7ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana.
8Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172).
9Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve (372).
10Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652).
11Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818).
12Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).
13Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃ (845).
14Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade (760).
15Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi (648).
16Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi (628).
17Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve (2,322).
18Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre (667).
19Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre (2,067).
20Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ (655).
21Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi (98).
22Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi (328).
23Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene (324).
24Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene (112).
25Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃ (95).
26Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi (188).
27Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
28Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve (42).
29Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743).
30Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621).
31Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122).
32Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123).
33Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52).
34Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). 35Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).
36Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345).
37Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (721).
38Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930).
39Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale:
(Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973).
40Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052).
41Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247).
42Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017).
43Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74). 44Hadzilawo:
Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (148).
45Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi (138).
46Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me:
Ziha, Hasufa, Tabaot,
47Keros, Sia, Paɖɔn,
48Lebana, Hagaba, Salmai,
49Hanan, Gidel, Gahar,
50Reaia, Rezin, Nekoda,
51Gazam, Uza, Pasea,
52Besai, Meunim, Nefuesim,
53Bakbuk, Hakufa, Harhur,
54Bazlut, Mehida, Harsa,
55Barkos, Sisera, Tema,
56Nezia kple Hatifa. 57Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye:
Sotai, Soferet, Perida,
58Yaala, Darkon, Gidel,
59Sefatia, Hatil,
Pokeret Hazebaim kple Amon. 60Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392).
61Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
62Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642).
63Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo.
Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ. 64Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o. 65Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi.
66Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). 67Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. 68Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), 69kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720).
70Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530). 71Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi (168) kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ (1,250). 72Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre.
73Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.
Ezra xlẽ Se la na ameawo
Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,
¿Sabías que…?
La custodia y el registro de la comunidad
- Tras la reconstrucción de las murallas, Nehemías puso a su hermano Hananí y a Hananías, comandante de la fortaleza, a cargo de Jerusalén. Debido a que la ciudad era espaciosa pero estaba poco poblada y con casas aún sin reconstruir, se ordenó mantener las puertas cerradas hasta el calor del día y asignar a los residentes como guardias cerca de sus hogares.Fuentes: el propio texto bíblico · Hanani · Hananiah
- Para censar a la población, Nehemías consultó el registro genealógico de los primeros exiliados que regresaron de Babilonia con Zorobabel. La verificación de los linajes era esencial; aquellos que afirmaban descender de sacerdotes pero no hallaron sus registros familiares quedaron excluidos del sacerdocio hasta que un sacerdote consultara el Urim y el Tumim.Fuentes: el propio texto bíblico · Zerubbabel
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 3, 6, 73
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 6
- Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 25
- Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículo 26
- Kiriath-jearim · Hoy: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículo 29
- Jericho · Hoy: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 36
- Lod · 31.950, 34.900 · versículo 37
- Immer · Hoy: in Babylonia · 32.543, 44.422 · versículo 61
- Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 63
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org