Jeremías 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Yehowa be,
“O Israel, ne miatrɔ la,
ekema mitrɔ va gbɔnye ne
mieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖa
le nye ŋkuta eye miagatra mɔ o.
2Ne mieta nu be
‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe,
kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la,
ekema ayra dukɔwo eye
le eya amea mee woaƒo adegbe le.”
3Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi:
“Miŋlɔ agble yeye,
migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.
4Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo,
mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa.
Mitso aʋa na miaƒe dziwo,
ne menye nenema o la,
nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene
eye ame aɖeke mate ŋu atsii o,
ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”
Gbegblẽ tso dzigbeme
5“Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo
le Yerusalem gblɔ be,
‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’
Mido ɣli sesĩe be,
‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’
6Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion!
Misi yi sitsoƒe, migatɔ o!
Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae,
gbegblẽ si teƒe makɔ o.”
7“Dzata aɖe do tso eƒe do me,
dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ.
Etso le enɔƒe be wòava wɔ
miaƒe anyigba wòazu gbegbe,
ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo
eye amewo manɔ wo me o.
8Eya ta mita akpanya,
mifa konyi eye mifa avi sesĩe,
elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.”
9Yehowa be,
“Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la
kple eƒe dumegãwo ƒo,
ŋɔdzi alé Nunɔlawo
eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.”
10Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”
11Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o. 12Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.”
13Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene,
eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene
eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo.
Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!
14O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa
le wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ.
Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò?
15Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan.
Ele kpo dom gbegblẽ si tso
Efraim togbɛwo dzi gbɔna.
16“Migblɔ nya sia na dukɔwo,
miɖe gbeƒãe na Yerusalem be,
‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso
adzɔgenyigba aɖe dzi;
wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti.
17Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo ene
elabena edze aglã ɖe ŋunye.’ ”
Yehowae gblɔe.
18“Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewo
kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe.
Esiae nye wò tohehe.
Aleke wòahave wòe!
Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!”
19O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo!
Mele ŋeŋem le vevesese me.
O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam!
Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o,
elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi,
mese aʋaɣlidodo.
20Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo
eye anyigba blibo la zu aƒedo.
Enumake wogbã nye agbadɔwo
eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe.
21Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ?
22“Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o.
Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene
elabena womenyam o.
Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me
eye womenya nu nyui wɔwɔ o.”
23Metsa ŋku le anyigba dzi,
ele nyamaa, le ƒuƒlu.
Mewu mo dzi kpɔ dziƒo
gake woƒe kekeli megali o.
24Mewu mo dzi kpɔ towo,
wole dzodzom kpekpekpe
eye togbɛwo katã le ʋuʋum.
25Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o.
Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo.
26Menye kɔ eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe;
eƒe duwo katã hã zu aƒedo le Yehowa ŋkume
le eƒe dziku helĩhelĩ la ta.
27Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Anyigba blibo la azu aƒedo,
gake nyemagblẽe gbidigbidi o.
28Eya ta anyigba axa nu
eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu
eye nyemagbe edziwɔwɔ o.
Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.”
29Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwo
kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ.
Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me,
eye ɖewo lia agakpewo.
Duwo katã me ɖi gbɔlo:
ame aɖeke megale wo me o.
30O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle?
Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do?
Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo?
Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò.
Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò
eye wole wò agbe yome tim.
31Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu
si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene.
Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ
eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be,
“Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm;
wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”

¿Sabías que…?
El desastre desde el norte
- Cuando el capítulo proclama el desastre proveniente de Dan y de las colinas de Efraín, describe el avance hacia el sur de un ejército invasor desde la frontera norte hacia Jerusalén.Fuentes: el propio texto bíblico · Dan · Mount Ephraim · Jerusalem
- Las medidas de emergencia en Judá incluían hacer sonar el cuerno de carnero y levantar señales para orientar a la población vecina a buscar refugio en las ciudades fortificadas y en Sion.Fuentes: el propio texto bíblico · Zion
- Jeremías evoca la expresión 'sin forma y vacía' para transmitir la gravedad de la devastación inminente, retratando ciudades en ruinas y campos fértiles convertidos en un desierto deshabitado.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 3, 4, 5, 10, 11, 14, 16, 17
- Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 6, 30, 31
- Dan · Hoy: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 15
- Mount Ephraim · 31.923, 35.241 · versículo 15
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org