Jeremías 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele dzɔdzɔe o
1“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo,
mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti
eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi.
Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia.
2Togbɔ be wogblɔ be,
‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la,
wole nu tam alakpatɔe kokoko.”
3O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa?
ȃo wo gake womese veve o,
ègbã wo nyanyanya gake womese veve o,
ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ.
Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ.
4Mebui be,
“Ame siawo la, ame dahewo ko wonye.
Wonye movitɔwo hã elabena womenya Yehowa ƒe mɔ
kple woƒe Mawu la ƒe didiwo o.
5Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo;
woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ
kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.”
Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa
eye wotu kɔsasawo.
6Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi,
amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo,
eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be
wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya,
elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ.
7“Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo?
Mia viwo gbem, eye wota mawu
siwo menye mawu o
togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la,
wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me.
8Woɖi ƒo nyuie abe sɔtsu siwo le asi yɔm la ene,
ɖe sia ɖe le gbe tem ɖe ame bubu srɔ̃ ŋu.
9Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa?
Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?”
Yehowae gblɔe.
10“Mige ɖe eƒe waingblewo me
eye mialã woƒe wainkawo.
Ke migagblẽ wo gbidigbidi o.
Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o.
11Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.”
Yehowae gblɔe.
12Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena,
“Mawɔ naneke o!
Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame
alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o.
13Nyagblɔɖilawo la,
ya ko wonye eye nya la mele wo me o,
eya ta, na woawɔ nu si wogblɔ la na wo.”
14Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la,
mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me
eye dukɔ la anye nake si wòabi.”
15Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe,
mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o,
eye mèse egɔme hã o.
16Woƒe daku le abe yɔdo si le nuvo la ene.
Wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo.
17Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu,
woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo.
Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo,
eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo.
Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”
18Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o. 19Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’
20“Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe aƒe la
eye nàdo kpo le Yuda.
21‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo,
ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o,
ame siwo to li na, gake womesea nu o.’
22Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa?
Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu,
wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o.
Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o.
Woadze agbo gake womate ŋui o.
Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.
23Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ,
dzeaglãe li na wo.
Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’
24Womegblɔna na wo nɔewo be,
‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la,
ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí
le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe
kɔsiɖawo dzi na mí’ la o.
25Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã,
eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi.
26“Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me,
ame siwo de xa abe ale si ŋutsu
siwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ ene
eye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene.
27Abe ale si xeviwo yɔa xadzanu fũu ene la,
nenema woƒe aƒewo yɔ taŋ kple beble.
Ale wova zu kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo,
28eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã.
Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o,
womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o,
eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”
29Yehowa be,
“Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa?
Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?
30“Ŋɔdzinu kple dzigbãnu aɖe dzɔ le anyigba dzi.
31Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi.
Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me
eye wòdze nye dukɔ ŋu alea.
Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”

¿Sabías que…?
Juicio sobre la Injusticia y la Falsedad de Jerusalén
- Dios pide buscar por las calles y plazas de Jerusalén para comprobar si queda al menos una persona que practique la justicia y busque la verdad, prometiendo perdonar a la ciudad si se halla una sola. Jeremías observa que ni la gente común ni los gobernantes poderosos conocen ni siguen los caminos del SEÑOR.Fuentes: el propio texto bíblico · Jerusalem
- Jeremías advierte sobre una invasión inminente a manos de una nación antigua y lejana, cuyo idioma Judá no comprende. Aunque este ejército invasor devastará las cosechas, los rebaños y las ciudades fortificadas, el SEÑOR asegura que no destruirá a Su pueblo por completo.Fuentes: el propio texto bíblico
- El capítulo condena a las élites corruptas que se enriquecen mediante el engaño, comparando sus casas con jaulas repletas de aves atrapadas. Se les reprende por descuidar la justicia, en especial por no defender los derechos de los huérfanos y de los necesitados.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org