Jeremías 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a,
eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe,
ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa?
Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa?
Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo.
Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?”
Yehowae gblɔe.
2“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa.
Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa?
Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam.
Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene.
Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.
3Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi
eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o.
Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò
eye ŋu gbe wò kpekpe.
4Menye fifi laa koe nèyɔm be,
‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?
5‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa?
Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’
Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovo
siwo katã nàte ŋui.”
Israel nuteƒemawɔla
6Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma. 7Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe. 8Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi. 9Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe. 10Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe.
11Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la. 12Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be,
“ ‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ.
Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o
elabena nublanuikpɔlae menye
eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe.
13‘Wò ya, dze si wò vodada
elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu;
ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo
le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ”
Yehowae gblɔe.
14Yehowa be, “Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion. 15Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me. 16Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe. 17Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o. 18Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”
19Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be,
“ ‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene
eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake
si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’
Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’
eye miatrɔ le yonyeme o.
20Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la,
nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe.”
21Wose avi le to ƒuƒluwo dzi,
Israelviwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒoe
elabena woglɔ̃ woƒe mɔwo
eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be.
22“Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo,
mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me.”
“Ɛ̃, míava gbɔwò,
elabena wòe nye Yehowa,
míaƒe Mawu.
23Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi
kple towo tame nye beble sɔŋ ko.
Enye nyateƒe be Yehowa,
míaƒe Mawu lae nye Israel ƒe xɔnametɔ.
24Tso míaƒe ɖekakpuime ke,
ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo
ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo,
woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo,
wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo.
25Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me
eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi.
Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa,
míaƒe Mawu la ŋu,
míawo kple mía fofowo siaa,
tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia,
míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”

¿Sabías que…?
Un llamado al regreso de las hermanas infieles
- Durante el reinado del rey Josías de Judá, Jeremías recibió profecías que comparaban al reino del norte de Israel y al reino del sur de Judá con dos hermanas. Aunque el reino del norte ya había sido repudiado por su idolatría, Judá no aprendió del destino de su hermana y solo regresó de forma fingida.Fuentes: el propio texto bíblico · Josiah
- El profeta anticipa una restauración futura en la que el pueblo disperso es llevado de regreso a Sion, la colina histórica de Jerusalén. En aquel tiempo, la propia Jerusalén sería llamada el Trono del SEÑOR, y el arca del pacto ya no sería recordada ni reconstruida.Fuentes: el propio texto bíblico · Zion · Jerusalem
- A partir de las imágenes matrimoniales y del divorcio, el texto describe el culto a dioses extranjeros en las colinas y bajo los árboles frondosos como una infidelidad conyugal. A pesar de esta traición, el SEÑOR invita repetidamente a sus hijos infieles a reconocer su culpa y regresar a Él.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org