Nations Bible

Daniel 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nuŋɔŋlɔ ɖe gli ŋu

1Fia Belsazar ɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe ame ŋkuta akpe ɖeka eye wòno wain kpli wo. 2Esime Belsazar nɔ eƒe wain nom la, eɖe gbe be woatsɔ sikanu kple klosalonu siwo fofoa, Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem gbedoxɔ me la vɛ ale be fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo nano wain le wo me. 3Ale wotsɔ sikanu siwo wolɔ tso Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la vɛ eye fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo no wain le wo me. 4Esi wonɔ aha la nom la, wokafu sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ kple ati kple kpe ƒe mawuwo.

5Tete amegbetɔ ƒe asibidɛ dze eye wòŋlɔ nu ɖe gli si ŋu wosi akalo ɖo la eye wòte ɖe akaɖiti si le fiasã la me ŋu. Fia la lé ŋku ɖe asibidɛ la ŋu esi wònɔ nua ŋlɔm. 6Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete.

7Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.”

8Tete fia la ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la alo ɖe egɔme na fia la o. 9Ale vɔvɔ̃ gaɖo Fia Belsazar ɖe edzi wu eye eƒe mo gafu kpĩi ɖe edzi wu. Eƒe ame ŋkutawo hã tɔtɔ.

10Esi fia dada se fia la kple eƒe ame ŋkutawo ƒe nuƒoƒo la, ege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la eye wògblɔ be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Mègana wò dzika natso o. Mègana wò mo nafu kpĩi alea o. 11Ame aɖe le wò fiaɖuƒe la me, ame si me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la, wokpɔe be sidzedze, gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo tɔwo ene. Fia Nebukadnezar, fofowò, fia la tsɔe ɖo bokɔwo, akunyawɔlawo, ɣletivimenunyalawo kple dzosalawo nu. 12Wokpɔe dze sii be Daniel, ame si fia la yɔna be Beltesazar la, nunya kple gɔmesese le tagbɔ nɛ kpe ɖe ŋutete be wòaɖe drɔ̃ewo kple adzowo gɔme ŋu eye wònya nu si woawɔ le nya sesẽwo me. Na woayɔ Daniel ne wòaɖe nuŋɔŋlɔ la gɔme na wò.”

13Ale wokplɔ Daniel va fia la ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Daniel, aboyome siwo fofonye, fia la kplɔ vɛ tso Yuda la dometɔ ɖeka? 14Mese be mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye be gɔmesese, sidzedze kple nunya deto le mewò. 15Wokplɔ nunyalawo kple dzosalawo va nye ŋkume be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ la eye woaɖe egɔme nam gake womete ŋu ɖe egɔme nam o. 16Azɔ la, mese be àte ŋu aɖe nuwo gɔme eye nènya ta na nyadzɔdzɔ sesẽwo. Ne àte ŋu axlẽ nuŋɔŋlɔ la eye nàɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu na wò, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ na wò eye woana nàzu dziɖula gãtɔ etɔ̃lia le nye fiaɖuƒe la me.”

17Tete Daniel ɖo eŋu na fia la be, “Àte ŋu atsɔ wò nunana siwo ŋugbe nèdo la na ɖokuiwò eye nàtsɔ wò fetuwo ana ame bubu aɖe faa. Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la eye maɖe egɔme nɛ.

18“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar. 19Le teƒe kɔkɔ si Mawu nae ta la, amewo katã kple dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gblɔlawo vɔ̃nɛ eye wobunɛ. Ame siwo fia la di be yeawu la, ewua wo. Ame siwo wòdi be yeana woatsi agbe la, enana wotsia agbe. Ame siwo wòdi be yeado ɖe ŋgɔ la, edoa wo ɖe ŋgɔ. Ame siwo wodi be yeabɔbɔ ɖe anyi la, ebɔbɔa wo ɖe anyi. 20Ke esi dada ge ɖe dzi me nɛ eye dada na eƒe dzi me sẽ ta la, Mawu ɖee ɖa le eƒe fiazikpui dzi eye woɖe eƒe ŋutikɔkɔe ɖa le eŋu. 21Enyae le amegbetɔwo dome eye wotsɔ gbemelã ƒe susu nɛ. Enɔ gbetedziwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, dziƒozãmu dza ɖe edzi eye wònya be Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa ame si dze eŋu la ɖoa wo nu.

22“Ke wò fia, O Belsazar, mèbɔbɔ ɖokuiwo o togbɔ be ènya fofowò ƒe ŋutinyawo katã hafi. 23Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o 24eya ta Mawu ɖo asi si ŋlɔ nu la ɖa.

25“Nu si wòŋlɔ lae nye,

Mene, mene, tekel parsin

26“Nya siawo gɔme le ale:

“ Mene: Mawu ɖo seɖoƒe na wò fiaɖuɖu eye wòna wòwu enu.

27“ Tekel: Woda wò le nudanu dzi, eye wokpɔ be mèkpe o.

28“ Perez: Woma wò fiaɖuɖu me eye wotsɔe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.”

29Le Belsazar ƒe gbeɖeɖe nu la, wodo aɖabɛwu na Daniel, de sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye wona wòzu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.

30Le zã ma ke me la, wowu Belsazar, Babilonia fia la 31eye Darius, Mediatɔ la xɔ fiaɖuƒe la esime wòxɔ ƒe blaade-vɔ-eve.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La escritura en la pared y la caída de Babilonia

  • Aunque el texto llama repetidamente a Nabucodonosor padre de Belsasar, en el uso semítico antiguo el término podía denotar un antecesor o abuelo. Los registros históricos señalan que Belsasar era hijo del rey Nabonido y nieto de Nabucodonosor a través de su madre, Nitocris.Fuentes: Belshazzar · el propio texto bíblico
  • Belsasar ofreció convertir a quien pudiera interpretar la misteriosa inscripción en el tercer gobernante del reino. Debido a que Belsasar era corregente con su padre Nabonido, la tercera posición era el rango más alto que podía otorgar.Fuentes: Belshazzar · el propio texto bíblico
  • La profanación de los vasos sagrados de oro y plata traídos del templo de Jerusalén provocó el presagio divino sobre el yeso del palacio. Daniel interpretó la inscripción como el anuncio de que el reino babilónico había sido pesado, hallado falto y entregado a los medos y persas.Fuentes: Belshazzar · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 3
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 7, 11
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículos 7, 11

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.