Nations Bible

Daniel 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Daniel le dzatawo ƒe do me

1Edze Darius ŋu be wòatia dumegã alafa ɖeka blaeve be woaɖu dzi le dukɔa me 2eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o. 3Azɔ la, Daniel ɖe eɖokui fia le amegãwo kple dziɖulawo dome kple eƒe ŋutete tɔxɛwo ale gbegbe be fia la ɖo be yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu. 4Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o. 5Mlɔeba la, ame siawo gblɔ be, “Míate ŋu akpɔ nutsotso aɖeke le ame sia, Daniel ŋu o, negbe ne nya la ku ɖe eƒe Mawu ƒe se ŋuti ko!”

6Ale amegãwo kple dziɖulawo ƒo ƒu yi fia la gbɔ eye wogblɔ nɛ be, “O Fia Darius, nɔ agbe tegbee! 7Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me 8Azɔ la, O fia, de se la eye nàna woaŋlɔe ale be womate ŋu atrɔe o, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu eye womate ŋu atrɔe o.” 9Ale Fia Darius na woŋlɔ se la.

10Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene. 11Tete ame siawo yi le ha me ɖakpɔ Daniel wònɔ gbe dom ɖa henɔ kpekpeɖeŋu biam Mawu. 12Ale woyi fia la gbɔ eye woƒo nu nɛ tso se si wòde la ŋuti. Wobiae be, “Ɖe mèŋlɔ sedede aɖe be le ŋkeke blaetɔ̃ siwo gbɔna me la, ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖe si manye wò, fia o la, woalée ade dzatawo ƒe do me oa?”

Fia la ɖo eŋu be, “Se la li eye le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe sewo nu la, womate ŋu atrɔe o.”

13Tete wogblɔ na fia la be, “O fia, Daniel, ame si nye aboyome siwo tso Yuda la dometɔ ɖeka la metsɔa ɖeke le eme na wò alo lé se si nèna woŋlɔ la me ɖe asi o. Egadoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe kokoko.” 14Esi fia la se nya sia la, ese veve ŋutɔ. Eɖo kplikpaa be yeaɖe Daniel eye wòdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖee va se ɖe ɣe ɖo to.

15Tete ameawo yi fia la gbɔ le ha me eye wogblɔ nɛ be, “Ɖo ŋku edzi, O fia, be le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu la, womate ŋu atrɔ se aɖeke si fia de la o.”

16Ale fia la ɖe gbe, wokplɔ Daniel vɛ eye wokɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Fia la gblɔ na Daniel be, “Wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la naɖe wò!”

17Wokɔ kpe aɖe da ɖe doa nu eye fia la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe ame ŋkutawo ƒe ŋkɔsigɛwo tre do la nu ale be womagatrɔ nya si dzɔ ɖe Daniel dzi la o. 18Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o.

19Le ŋdi kanya esi dzite tso ko la, fia la fɔ eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ. 20Esi wòte ɖe do la ŋu la, eyɔ Daniel kple nublanuigbe be, “Daniel, Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la te ŋu ɖe wò tso dzatawo ƒe asi mea?”

21Daniel ɖo eŋu be, “O fia, nɔ agbe tegbee! 22Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.”

23Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu.

24Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o.

25Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be,

“Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!”

26Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu.

“Elabena eyae nye Mawu gbagbe la

eye wòanɔ anyi tegbee;

Womagbã eƒe fiaɖuƒe la o

eye eƒe dziɖuɖu nu matso o.

27Eɖea ame eye wòxɔna na ame.

Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa.

Eɖe Daniel

tso dzatawo ƒe asi me.”

28Ale eme nyo na Daniel le Darius ƒe fiaɖuɣi kple Persiatɔ, Sirus ƒe fiaɖuɣi.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Daniel en el foso de los leones

  • El capítulo destaca un principio característico conocido como la ley de los medos y de los persas, el cual establecía que un decreto u ordenanza real oficial, una vez firmado y sellado, no podía ser revocado ni modificado, ni siquiera por el propio rey.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Incluso tras décadas en el exilio, Daniel mantuvo la costumbre de arrodillarse a orar tres veces al día en su aposento alto, con las ventanas abiertas hacia Jerusalén, la ciudad santa de Judá.Fuentes: el propio texto bíblico · Jerusalem
  • El relato describe una estructura administrativa imperial de 120 sátrapas supervisados por tres administradores principales, señalando que Daniel prosperó durante el reinado de Darío y hasta el reinado de Ciro el Persa, el conquistador de Babilonia.Fuentes: el propio texto bíblico · Cyrus

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 10

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.