Nations Bible

Daniel 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nebukadnezar ku drɔ̃e tso ati aɖe ŋu

1Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar,

Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã.

Eme nenyo na mi katã!

2Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti.

3Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ,

eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ.

Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ

eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime.

4Nye, Nebukadnezar, menɔ aƒe me le fiasã la me; meɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye nuwo dze edzi nam. 5Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam. 6Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam. 7Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o. 8Mlɔeba la, Daniel do ɖe nye ŋkume eye melĩ drɔ̃e la nɛ. Wotsɔ nye mawu ƒe ŋkɔ nɛ be, Beltesazar eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme.

9Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam. 10Esiawoe nye ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi. Mekpɔ ati aɖe le nye ŋkume le anyigba la titina. Ekɔ ŋutɔ. 11Ati la tsi, lolo, sẽ eye eƒe tame tɔ dziŋgɔli. 12Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ.

13“Le ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi me la, mekpɔ nu, eye nye dɔla aɖe tsi tsitre ɖe nye ŋkume. Enye ame kɔkɔe aɖe si ɖi tso dziƒo. 14Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi. 15Ke na eƒe takpo la kple eƒe kewo nanɔ babla kple gayibɔ kple akɔbli eye wòanɔ tome le gbe siwo le gbedzi la dome.

“ ‘Na dziƒozãmu naƒoe eye nàna wòanɔ agbe kple lãwo le anyigba la ƒe nu miemiewo dome. 16Na woatrɔ eƒe amegbetɔ ƒe susu wòazu gbemelã tɔ va se ɖe esime ƒe adre nava yi.

17“ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’

18“Esia nye drɔ̃e si nye Fia Nebukadnezar meku. Azɔ la, Beltesazar ɖe egɔme nam, elabena nunyala siwo katã le nye fiaɖuƒe me la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe egɔme nam o. Ke wò ya la, àte ŋui elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.”

Daniel ɖe drɔ̃e la gɔme

19Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.”

Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi! 20Ati si nèkpɔ wòlolo, sẽ, eƒe tame tɔ dziŋgɔli, eye wòdzena le anyigba la dzi 21kple eƒe aŋugba dzeaniwo kple kutsetse sɔgbɔwo, ati si naa nuɖuɖu ame sia ame, wònye sitsoƒe na gbemelãwo, eye eƒe alɔwo nye dzudzɔƒe na dziƒoxeviwo lae nye 22wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.

23“Wò, O fia, èkpɔ dɔla aɖe, ame kɔkɔe aɖe, wònɔ ɖiɖim tso dziƒo henɔ gbɔgblɔm na wò be, ‘Tso ati la ƒu anyi eye nàtsrɔ̃e gake nàgblẽ eƒe takpoa ɖe tome eye nàde gayibɔ kple akɔblikɔsɔkɔsɔe ɖe gbe damawo dome le esime eƒe kewo le tome. Na dziƒozãmu naƒoe, wòanɔ agbe abe gbemelãwo ene va se ɖe esime ƒe adre nava yi.’

24“O fia, esiae nye drɔ̃e la ƒe gɔmeɖeɖe eye wònye ɖoɖo si Dziƒoʋĩtɔ la wɔ ɖe wò, nye aƒetɔ kple fia ŋuti. 25Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu. 26Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum. 27Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.”

Drɔ̃e la va eme

28Nu siawo katã dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi. 29Le ɣleti wuieve megbe esime fia la nɔ tsa ɖim le eƒe fiasã la tame le Babilonia la, 30egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”

31Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò. 32Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”

33Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene.

34Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee.

Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o;

eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.

35Wobua anyigbadzitɔwo katã

be womele ɖeke me o.

Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo

kple anyigbadzitɔwo.

Ame aɖeke mate ŋu ahe

eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be,

“Nu kae nye esi nèwɔ?”

36Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã. 37Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El sueño y la humillación del rey

  • El capítulo 4 de Daniel está redactado como un decreto imperial o carta abierta dirigida por el rey Nabucodonosor a todas las naciones y lenguas de la tierra. En él, el propio rey relata su sueño perturbador, su posterior período de locura entre las bestias y su alabanza final al Dios Altísimo.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Nabucodonosor fue el monarca más poderoso del Imperio babilónico, establecido en la gran ciudad de Babilonia, a orillas del río Éufrates. La narración sitúa su repentina humillación justo cuando se paseaba por la terraza del palacio real, jactándose de haber construido la gran Babilonia con su propia fuerza y gloria.Fuentes: Nebuchadnezzar · Babylon · el propio texto bíblico
  • En la corte real, Daniel era conocido por su nombre caldeo Baltasar, que significa 'Beltis proteja al rey'. Nabucodonosor acudió a él luego de que los magos, encantadores y astrólogos babilonios no pudieran descifrar la visión del gran árbol.Fuentes: Daniel · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 6, 29, 30
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 7

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.