Nations Bible

Romans 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Wotso afia na Abraham to xɔse me

1Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía tɔgbui Abraham, ame si ƒe ŋutinya míese le nya sia me la ŋuti? 2Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to eƒe dɔwɔwɔwo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu ŋkume o. 3Nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee.”

4Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la, ekema eƒe fetu menye nunana o, ke boŋ enye eƒe dɔdeasi. 5Ke ne ame aɖe mewɔ dɔ o, gake wòxɔ Mawu, ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi dzi se la, ekema woabu eƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee.

6David gblɔ nya sia ke esi wòƒo nu tso ame si Mawu bu ame dzɔdzɔe ƒe yayra ŋu dɔ wɔwɔ manɔmee be,

7“Woayra ame siwo

wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo,

kple ame siwo wotsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo dzi la.

8Woayra ŋutsu

si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la mabu nɛ o la.”

9Ɖe yayra sia nye aʋatsotsotɔwo ɖeɖe ko tɔ alo enye ame siwo menye aʋamatsomatsotɔwo hã tɔa? Míegblɔna be Mawu bu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee. 10Nu ka ta wobu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee ɖo? Ɖe wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee le eƒe aʋatsotso megbe alo do ŋgɔ na eƒe aʋatsotsoa? Menye le eƒe aʋatsotso megbe o, ke boŋ do ŋgɔ na eƒe aʋatsotso! 11Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee. 12Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene.

13Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee. 14Elabena ne ame siwo le agbe le se la nu nye domenyilawo la, ekema xɔse menye viɖenu o, eye ŋugbedodo la nye yakanu, 15elabena se la hea dɔmedzoe vanɛ. Eye afi si se mele o la, nu vɔ̃ menɔa anyi o.

16Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo. 17Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: “Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo.” Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene.

18Togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o hã la, Abraham kpɔ mɔ le xɔse me, eye wòzu dukɔ geɖewo fofo, abe ale si wogblɔ nɛ ene be, “Nenema anye wò dzidzimeviwo.” 19Megbɔdzɔ le xɔse me o, eya ta mebu be yeƒe ŋutilã ku, esi wòxɔ abe ƒe alafa ɖeka ene, eye Sara hã ƒe vidzidɔ ku na vidzidzi o.

20Ke meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me o, ke boŋ edo ŋusẽ eƒe xɔse, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu, 21eye wòka ɖe edzi blibo be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo la. 22Nu sia ta “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” ɖo.

23Gake menye eya ɖeɖe ta woŋlɔ ɖi be “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” o, 24ke míawo hã tae, mí ame siwo Mawu abui na dzɔdzɔenyenyee, mí ame siwo xɔa ame si fɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi sena. 25Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre ɖe afiatsotso na mí ta.

Did you know?

Abraham's faith credited as righteousness

  • Easton's Bible Dictionary (1897) explains the name Abraham as "father of a multitude." This chapter quotes the promise, "I have made you a father of many nations," and calls him the father of all who believe, whether circumcised or not.Sources: Abraham · the Bible text itself
  • This chapter stresses that Abraham's faith was credited to him as righteousness before he was circumcised, not afterward. Circumcision is described as a sign and seal of that righteousness, so he is the father both of uncircumcised believers and of circumcised people who follow the same faith.Sources: the Bible text itself
  • Easton's Bible Dictionary (1897) explains the name Sarah as "princess" and says it was given when it was announced that she would be the mother of the promised child. This chapter recalls Abraham, about a hundred years old, believing God's promise even though Sarah's womb was lifeless.Sources: Sarah · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.