Romans 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ŋutifafa kple mɔkpɔkpɔ
1Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, 2ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.
3Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; 4ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ. 5Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me.
6Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. 7Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta. 8Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. 9Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me! 10Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.
11Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le Mawu me hã, to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si me míewɔ ɖeka kple Mawu le azɔ.
Ku va to Adam dzi, agbe va to Kristo dzi
12Eya ta ale si nu vɔ̃ va xexea me to ame ɖeka dzi, eye ku va to nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nenema ke ku va amewo katã dzi, elabena wo katã wɔ nu vɔ̃.
13Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o. 14Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu.
15Gake ale si vodada li la, menye nenema kee nye amenuveve ƒe nunana hã o; elabena ne ame geɖewo ku ɖe ame ɖeka ƒe vodada ta la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana si va to Yesu Kristo ƒe amenuveve me la sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi. 16Eye menye ame ɖeka si wɔ nu vɔ̃ la ta Mawu ƒe nunana la va ɖo o; elabena fɔbubu va to ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ me, ke wotso afia na ame geɖewo to amenuveve la me. 17Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.
18Eya ta ale si to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke agbe ƒe afiatsotso va na amewo katã to nu dzɔdzɔe ɖeka wɔwɔ me. 19Elabena ale si to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me la, woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.
20Se la va bena vodada la nasɔ gbɔ ɖe edzi. Gake afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ ɖe edzi wu, 21be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi.

Did you know?
Adam, Christ, and the Reign of Grace
- The one man through whom Romans 5 says sin entered the world, and death through sin, is Adam. A reference note calls Adam a Babylonian word meaning red, the general name for a human being in Hebrew and Assyrian, and links it to his being formed from the dust of the earth. The account of his creation and fall is given in the first book of Moses.Sources: Adam · the Bible text itself
- Romans 5 says death reigned from Adam until Moses, even over those who did not sin in the way Adam transgressed. It adds that sin was already in the world before the law was given, yet sin is not taken into account when there is no law. Adam is called a pattern of the one who was to come.Sources: the Bible text itself
- The chapter sets that one trespass beside the gift that came by the grace of Jesus Christ. Judgment after a single sin brought condemnation, while the gift after many trespasses brought justification. The law, it says, came in so that the trespass would increase, yet where sin increased, grace increased all the more.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org