Romans 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Mawu ƒe anukwaretɔnyenye
1Ekema viɖe kae le Yudatɔnyenye me alo asixɔxɔ kae le aʋatsotso ŋu? 2Viɖe geɖe le Yudatɔnyenye me. Gbã la, Mawu tsɔ eƒe nyawo de asi na wo. 3Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea? 4Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be:
“Be woatso afia na wò le wò nyawo me,
eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”
5Gake ne míaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia nyuie ɖe, nya ka míagblɔ? Ɖe míagblɔ be Mawu mewɔ nu dzɔdzɔe to eƒe dɔmedzoehehe va mía dzi me oa? (Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene.) 6Mele alea o! Ne ele nenema la, aleke Mawu adrɔ̃ ʋɔnu xexea mee? 7Ame aɖe agblɔ be, “Ne nye aʋatsokaka ado Mawu ƒe nyateƒetɔnyenye ɖe ŋgɔ, eye wòado Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe dzi ɖe, nu ka ta wogabu fɔm be menye nu vɔ̃ wɔla ɖo?” 8Nu ka ta womagblɔ be, abe ale si ame aɖewo ka aʋatso ɖe mía si ene be míegblɔ be, “Mina míawɔ nu vɔ̃ be nu nyui nado tso eme” o ɖo? Enyo be woabu fɔ wo!
Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o
9Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo. 10Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la,
“Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka pɛ hã meli o;
11Ame aɖeke mese egɔme o;
ame aɖeke medi Mawu o.
12Ame sia ame tra mɔ;
wo katã wogblẽ;
ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o;
ame ɖeka pɛ hã meli o.
13Woƒe ve me le abe yɔdo nuvowo ene;
woƒe aɖewo srɔ̃ alakpadada.
Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo.
Ƒli ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu.
14Woƒe nu me yɔ fũu kple fiƒode kple vevesese helĩhelĩ.
15Woɖea abla ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu;
16gbegblẽ kple nuxaxa le woƒe mɔwo dzi,
17eye womenya ŋutifafa ƒe mɔ o.”
18Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.
19Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã. 20Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.
Dzɔdzɔenyenye to xɔse me
21Ke azɔ la, woɖe dzɔdzɔenyenye tso Mawu gbɔ fia mí se la manɔmee. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase tso eŋuti. 22Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o, 23elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo, 24eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to ɖeɖedɔ si Kristo Yesu va wɔ la me. 25Mawu tsɔe na abe vɔsa ene ɖe mía nu, to eƒe ʋu la dzi xɔse me. Ewɔ esia be yeaɖe yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia, elabena le eƒe lɔlɔ̃ ta la, mena tohehe amewo ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ la ta o. 26Ewɔ esia tsɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le egbeŋkekewo me, be wòanye dzɔdzɔetɔ kple ame si tsoa afia na ame siwo xɔ Yesu dzi se la.
27Esia ta adegbeƒoƒo aɖe lia? Adegbeƒoƒo aɖeke meli o. Nu ka ta míaƒo adegbe ɖo? To se la dzi wɔwɔ mea? Gbeɖe, ke boŋ to xɔse me. 28Elabena míexɔe se be ame akpɔ afiatsotso to xɔse me, ke menye to se la dzi wɔwɔ me o. 29Ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawua? Ɖe Mawu menye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu oa? Ɛ̃, enye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu. 30Elabena Mawu ɖeka koe li, ame si atso afia na aʋatsotsotɔwo kple aʋamatsomatsotɔwo to xɔse ɖeka ma me. 31Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe.
Did you know?
All under Sin, Justified by Faith
- Romans 3 begins by asking what advantage a Jew has, and what value circumcision has. The reply is that there is much in every way, and first of all that they have been entrusted with the very words of God. The chapter then argues that if some did not have faith, their lack of faith does not nullify God’s faithfulness.Sources: the Bible text itself
- To support the charge that Jews and Greeks alike are all under sin, the chapter strings together lines introduced by “as it is written”: no one is righteous, no one understands or seeks God, speech is pictured as deceit and venom, feet are swift to shed blood, and there is no fear of God. It says the law speaks to those under the law so that every mouth may be silenced and the whole world held accountable, and that no one is justified by works of the law, because the law brings awareness of sin.Sources: the Bible text itself
- With the words “But now,” the chapter says that, apart from the law, the righteousness of God has been revealed, as attested by the Law and the Prophets, and that it comes through faith in Jesus Christ to all who believe, with no distinction. All have sinned and fall short of the glory of God, and are justified freely by His grace through the redemption that is in Christ Jesus. Boasting is excluded on the principle of faith, not works; there is one God, who justifies the circumcised by faith and the uncircumcised through that same faith, and the chapter says this faith upholds the law rather than nullifying it.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org