Nations Bible

Romans 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe

1Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke. 2Azɔ la, míenya be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame siwo wɔa ale nu siawo la nye nyateƒe. 3Ke ne wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m amewo hafi le nu siawo ke wɔm la, ɖe nèsusu be yeasi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nua? 4Alo ɖe mètsɔ ɖeke le Mawu ƒe dɔmenyo gã la, eƒe dzidodo, kple eƒe dzigbɔɖi me oa? Alo mènya be Mawu ƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye be wòana nàtrɔ dzi me oa?

5Gake ɖe miaƒe tomaɖomaɖo kple dzimesesẽ ta la, miaƒe nu vɔ̃wo le agbɔ sɔm ɖe edzi, hele Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la lalam, esime wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. 6Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu. 7Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana. 8Ke ahe to na ɖokuitɔdilawo kple ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi. 9Konyifafa kple fukpekpe ava nu vɔ̃ wɔlawo dzi: gbã la, ava Yudatɔwo dzi, emegbe la, ava ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dzi. 10Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si le nu nyui wɔm la, gbã na Yudatɔwo, emegbe la, na ame siwo menye Yudatɔwo o. 11Elabena Mawu medea vovototo amewo me o.

12Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe semanɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃ eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene. 13Elabena menye ame siwo sea se la woe nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa se la dzi lae woatso afia na abe ame dzɔdzɔewo ene. 14(Le nyateƒe me la, ne ame siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo, 15togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.) 16Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene.

Yudatɔwo kple se la

17Azɔ ne mieyɔ mia ɖokuiwo be Yudatɔwo, ne mieɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye mieƒoa adegbe be kadodo nyui le miawo kple Mawu dome, 18ne mienya eƒe lɔlɔ̃nu, eye mieda asi ɖe nu si nyo la dzi, elabena wofia se la mi; 19ne mieka ɖe edzi be yewoe afia mɔ ŋkuagbãtɔwo, yewoe nye kekeli na ame siwo le viviti me, 20ame siwo fiaa nu bometsilawo, ame siwo fiaa nu ɖeviwo, elabena sidzedze kple nyateƒe la le se la me la, 21ekema wò, ame si le nu fiam ame bubuwo la, ɖe mefiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le mawunya gblɔm na amewo be womegafi fi o ɖe, ɖe nèfiaa fia? 22Wò, ame si gblɔna be womegawɔ ahasi o ɖe, ɖe nèwɔa ahasia? Wò, ame si tsi tsitre ɖe legbasubɔsubɔ ŋu ɖe, ɖe nèfia gbedoxɔmenuwoa?

23Wò, ame si ƒoa adegbe tso seawo ŋu ɖe, ɖe nèdoa vlo Mawu to se la dzi dada mea? 24Abe ale si woŋlɔe ɖi ene la, ame siwo menye Yudatɔwo o la ɖua fewu le Mawu ŋu ɖe mia ta.

25Asixɔxɔ le aʋatsotso ŋu ne miewɔ ɖe se la dzi, gake ne mieda le se la dzi la, ekema miele abe ame siwo wometso aʋa na o la ene. 26Ne ame siwo wometso aʋa na o la wɔna ɖe seawo dzi la, ɖe womabu wo abe ame siwo wotso aʋa na la ene oa? 27Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala.

28Ame si nye Yudatɔ le gotagome la, menye Yudatɔ vavã o, elabena aʋatsotso menye gotagomenu kple ŋutilãmenu ɖeɖe ko o. 29Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Judgment Without Favoritism

  • Romans 2 warns that a person who judges others while doing the same things condemns himself, because God's judgment is based on truth. The chapter says God shows no favoritism: there will be trouble and distress for every human being who does evil, and glory, honor, and peace for everyone who does good, first for the Jew, then for the Greek.Sources: the Bible text itself
  • The chapter distinguishes those who sin apart from the law from those who sin under the law: the first will also perish apart from the law, and the second will be judged by the law. It says that not the hearers of the law are righteous before God, but the doers of the law. Gentiles who do not have the law, yet by nature do what it requires, are a law to themselves and show that the work of the law is written on their hearts, while their consciences bear witness and their thoughts accuse or defend them.Sources: the Bible text itself
  • Speaking to someone who calls himself a Jew, relies on the law, and is convinced he is a guide and a teacher, the chapter asks whether he teaches himself—whether he steals, commits adultery, or robs temples while condemning those acts. Circumcision has value if the law is observed, but if the law is broken, circumcision has become uncircumcision. A man is a Jew inwardly, and circumcision is a matter of the heart, by the Spirit, not by the written code; his praise comes not from men, but from God.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.