Nations Bible

Mark 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yesu nyi ame akpe ene

1Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le teƒe aɖe gbe ɖeka, eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo be, 2“Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afi sia, naneke mele wo si woaɖu o. 3Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.” 4Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le na ameha gã sia le gbedzi afi sia?”

5Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?”

Woɖo eŋu be, “Abolo adre.” 6Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.

7Lã meme ʋe aɖewo hã nɔ wo si, eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta, eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. 8Ameawo ɖu nu, ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la, nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, woyɔ kusi adre. 9Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe ene (4,000). Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe.

10Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu la me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo, wova ɖi go ɖe Dalmanuta nuto me.

Farisitɔwo bia dzesi

11Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nya kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Wɔ dzesi aɖe tso dziƒo fifia míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.”

12Yesu ɖe hũu le eƒe gbɔgbɔ la me hegblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke o. Vavã mele egblɔm na mi bena womele dzesi ɖeka na ge dzidzime sia o.”

13Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋu la me, eye wòtso ƒu la heyi ɖe go kemɛ dzi.

Farisitɔwo kple Herod ƒe amɔʋãnu la

14Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si.

15Esi wonɔ ƒua dzi yina la, Yesu xlɔ̃ nu wo be, “Mikpɔ nyuie le Herod kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu la ŋu.”

16Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la, eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋuti Yesu nɔ nu ƒom le ene.

17Yesu nya nya si gblɔm wonɔ, ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o ɖo? Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa? 18Miaƒe ŋkuwo la, nu wobe miakpɔ kpli wo, ke nu ka ta miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o ɖo? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa?

19“Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi neni miefɔ emegbe?” Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.”

20Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene (4,000) kple abolo adre ɖe, abolo kusi nenie susɔ?”

Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.”

21Azɔ egblɔ na wo be, “Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?”

Yesu yɔ dɔ ŋkuagbãtɔ aɖe le Betsaida

22Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ, eye woɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe. 23Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”

24Ame la tsa ŋku godoo, eye wòɖo eŋu be, “Ɛ̃, mele amewo kpɔm, gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!”

25Yesu gaɖo asi ame la ƒe ŋkuwo dzi ake, ke fifia la, eƒe ŋkuawo ʋu nyuie, eye wònɔ nu kpɔm nyuie.

26Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me hafi nàyi o.”

Petro ʋu Yesu me

27Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisarea Filipi kɔƒewo me. Esi wozɔ yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo bu be menye? Aleke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”

28Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”

29Ke ebia woawo ŋutɔ be, “Ame ka miawo ya miebu be menye?”

Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo la!”

30Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o!

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ

31Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe. 32Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o, eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka mo nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.”

33Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.”

34Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. 35Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.

36“Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me? 37Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? 38Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Seeing Who Jesus Is

  • After about four thousand men had eaten and seven baskets of broken pieces had been picked up, Jesus got into the boat with his disciples and went to the district of Dalmanutha, a name that appears only in this chapter. It was a place on the west side of the Sea of Galilee, near Magdala. In the parallel passage in Matthew, he comes into the borders of Magdala, which was probably the Greek name of one of the watch-towers on the western shore of the lake.Sources: the Bible text itself · Dalmanutha
  • At Bethsaida some people brought a blind man, and Jesus led him by the hand out of the village, spit on his eyes, and placed his hands on him. At first the man saw people like trees walking; only when Jesus placed his hands on the man’s eyes again was his sight fully restored. The town is described as standing on the east side of the lake, about two miles up the Jordan, in Gaulonitis; Philip the tetrarch enlarged it and called it Julias, after the emperor’s daughter, though some have supposed there was only one Bethsaida, built on both sides of the lake near where the Jordan enters it.Sources: the Bible text itself · Bethsaida
  • Jesus and his disciples went on to the villages around Caesarea Philippi, a city about twenty miles north of the Sea of Galilee, near the base of Mount Hermon at the upper source of the Jordan, and described as the northern limit of his public ministry. According to some, it had earlier been Baal-Gad or Baal-Hermon, a Canaanite sanctuary of Baal, and it was later called Panium or Paneas, from a deep cavern full of water near the town. There Peter said, "You are the Christ," and when he rebuked Jesus for teaching that the Son of Man must suffer many things, be killed, and rise after three days, Jesus answered, "Get behind me, Satan," a name that means adversary or accuser.Sources: the Bible text itself · Caesarea Philippi · Satan

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Caesarea Philippi · Today: Banias · 33.246, 35.693 · verse 27
  • Galilee · 32.760, 35.527 · verse 27

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.