Nations Bible

Mark 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yesu ƒo nu le nuɖuɖu kple asimaklɔmaklɔ ŋuti

1Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ. 2Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o. 3(Elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkugluinu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene. 4Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.)

5Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”

6Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,

“ ‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo,

ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.

7Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro,

elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’

8Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi. 9Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta.

10“Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’ 11gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). 12Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o. 13Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”

14Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme. 15Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [ 16Ame si to senu li na la nesee.]”

17Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo.

18Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o? 19Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.)

20Egagblɔ be, “Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, 21elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ 22ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. 23Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o.”

Yesu da gbe le Kanaan nyɔnu aɖe ƒe vinyɔnuvi ŋuti

24Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.

25Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu 26heɖe kuku nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ye vi la me. Nyɔnu la nye Sirofoiniketɔ.

27Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o.”

28Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”

29Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.”

30Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvi la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme.

Yesu da gbe le ame aɖe si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la ŋu

31Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu. 32Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.

33Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi. 34Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”). 35Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie.

36Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la. 37Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”

Did you know?

Purity, tradition, and the road beyond Galilee

  • Pharisees and scribes who had come from Jerusalem questioned Jesus because some of his disciples were eating with unwashed hands. Mark explains that, in holding to the tradition of the elders, the Pharisees and all the Jews did not eat until they washed ceremonially, and that they also washed after the market and washed cups, pitchers, kettles, and couches for dining. A chronology dates this discourse on commandments and tradition to AD 29.Sources: the Bible text itself · Commandments and Tradition Discourse
  • Jesus answered by quoting Isaiah, the son of Amoz, about people who honor God with their lips while their hearts are far from him, and who teach human precepts as doctrine. He set against the tradition of the elders a command he attributes to Moses—to honor father and mother—and the practice of Corban, which the text explains as a gift devoted to God and by which, he said, a person was no longer permitted to do anything for his parents.Sources: the Bible text itself · Isaiah
  • In the region of Tyre, a Greek woman of Syrophoenician origin begged Jesus to drive an unclean spirit out of her daughter. He later went through Sidon to the Sea of Galilee and into the Decapolis: Sidon, on the Mediterranean north of Tyre, was the older Phoenician city and Tyre’s mother city, while the Decapolis—a name meaning ten cities—lay east and southeast of the lake and was chiefly inhabited by Greeks. There a man who was deaf and hardly able to speak was brought to him, and Jesus said, “Ephphatha,” which the narrative explains as “Be opened.”Sources: the Bible text itself · Sidon · Tyre · Decapolis

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 1
  • Galilee · 32.760, 35.527 · verse 24
  • Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verses 24, 31
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verses 24, 31
  • Phoenicia · 33.271, 35.196 · verse 26
  • Decapolis · 32.717, 35.800 · verse 31
  • Sea of Galilee · 32.819, 35.590 · verse 31

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.