Mark 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le to dzi
1Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.”
2Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o.
Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe, 3eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o. 4Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii.
5Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 6(Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.)
7Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.”
8Kasia, nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo.
9Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. 10Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu.
11Wobiae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm be ele be Eliya nava gbã ɖo?” 12Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo? 13Ke mele egblɔm na mi be, Eliya va, wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la abe ale si woŋlɔe ɖi la ene.”
Yesu da gbe le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu
14Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo. 15Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ ɖo wo, ke woƒu du yi egbɔ be yewoado gbe nɛ. 16Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”
17Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.”
19Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”
20Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.
21Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?”
Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke. 22Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”
23Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”
24Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” 25Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”
26Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku. 27Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ. 28Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?”
29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia
30Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma, eye woɖo ta Galilea nuto me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o, 31edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.”
32Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o, gake ale si woawɔ abiae la hã zu dɔ; wonɔ vɔvɔ̃m.
Ame si nye amegã le mawufiaɖuƒe la me
33Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze me la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka ʋlim mienɔ?”
34Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo, elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe amegã la ŋu.
35Yesu nɔ anyi, yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe amegã la, ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ɛ̃, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!”
36Azɔ ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome, eye wògblɔ na wo be, 37“Ame si axɔ ɖevi sue aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm lae wòxɔ!”
Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la le mía dzi
38Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamee le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖeka wònye o.”
39Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o. 40Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi. 41Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’
Nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔwo
42“Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu xɔse si le esi ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ hekɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, anyo nɛ wu sãa. 43Ne wò asi nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nàyi dzomavɔʋe me, afi si dzo metsina le o. [ 44Afi si,
“ ‘woƒe nye mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.]’
45Ne wò afɔ nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔkpo wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, woakɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. [ 46Afi si,
“ ‘woƒe nye mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.]’
47Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve, 48afi si,
“ ‘woƒe nyẽ mekuna le o,
eye dzo la hã metsina le o.’
49Eye woatsɔ dzo bibi ade dze ame sia ame wòatee.”
50Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”
Did you know?
The Transfiguration and Teaching on the Way
- After six days, Jesus took Peter, James, and John up a high mountain by themselves, and he was transfigured before them. Peter, originally called Simon, was a fisherman from Bethsaida on the Sea of Galilee. James, the elder brother of John and a son of Zebedee, was also a fisherman and was present with Peter and John at the transfiguration.Sources: the Bible text itself · Simon Peter · James (Son of Zebedee)
- On the high mountain, Elijah, the Tishbite and the Elias of the New Testament, appeared with Moses, talking with Jesus. As they came down, the disciples asked why the scribes say that Elijah must come first. Jesus replied that Elijah does indeed come first and that he has already come.Sources: the Bible text itself · Elijah
- Jesus and the disciples passed through Galilee, but he did not want anyone to know, because he was teaching them, and they came to Capernaum. Capernaum, Nahum’s town, was a Galilean city that became Jesus’ own city after his expulsion from Nazareth. The Jews called an upland plain among the mountains of Naphtali Galil, and the region came to be called Galilee of the Gentiles.Sources: the Bible text itself · Capernaum · Galilee
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Galilee · 32.760, 35.527 · verse 30
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org