Nations Bible

Joshua 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Anyigba si le Yɔdan ƒe ɣetoɖoƒe la mama

1Esiae nye ale si woma Kanaanyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na Israelviwoe. Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun ƒe vi kple Israel ƒe towo ƒe ƒomewo ƒe kplɔlawo ma anyigba la na ameawo. 2Abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la, woda akɔ hena anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la mama ɖe Israel ƒe to asiekɛ kple afã mamlɛawo dome. 3Mose tsɔ to eve kple afã ƒe domenyinu na wo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, ke mena domenyinu aɖeke Levitɔwo ɖe ame bubuawo dome o, 4elabena Yosef ƒe viwo va zu to eve, siwo nye Manase kple Efraim. Womema anyigba na Levitɔwo o, ke boŋ du siwo me woanɔ kple lãnyiƒewo ko wona wo. 5Ale wowɔ se si Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ le anyigba la mama me.

Wotsɔ Hebron na Kaleb

6Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia? 7Mexɔ ƒe blaene ɣe ma ɣi. Mose dɔ mí tso Kades Barnea be míatsa ŋku le Kanaanyigba la dzi. Esi míegbɔ la, megblɔ nu si mekpɔ tututu la nɛ, 8ke nɔvinye ŋkutsala bubuawo ya do vɔvɔ̃ na ameawo, eye woɖe dzi le wo ƒo dzodzro le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. Zi ale si menɔ Yehowa, nye Mawu, yome ta la, 9Mose gblɔ nam be, ‘Kanaanyigba la ƒe akpa si dzi miele la, azu wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe.’

10“Abe ale si wò ŋutɔ nènya ene la, Yehowa lé agbe ɖe te nam, eye wòna lãmesesẽm tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia, le ƒe blaene-vɔ-atɔ̃ siawo me, tso esime míetsa tsaglalã le gbedzi. Egbe la, mexɔ ƒe blaenyi-vɔ-atɔ̃, 11gake ŋusẽ le ŋunye fifia abe ale si menɔ esime Mose ɖo mí ɖe ŋkutsaƒe ene. Magate ŋu azɔ mɔ, awɔ aʋa fifia abe ɣe ma ɣi ene, 12eya ta mele bia wòm be nàtsɔ tonyigba si ŋugbe Yehowa do nam la nam. Èɖo ŋku edzi be le míaƒe ŋkutsatsa me la, míekpɔ Anakviwo wonɔ du gã siwo woɖo gli ƒo xlãe la me. Ke ne Yehowa li kplim la, manya wo ɖa le anyigba la dzi.”

13Yosua yra Kaleb, Yefune vi, eye wòtsɔ Hebron du la nɛ abe eƒe domenyinu ene. 14Hebron ganye Kaleb, si nye Yefune, ame si hã nye Kenizitɔ la ƒe vi ƒe dzidzimeviwo tɔ va se ɖe egbe, elabena Kaleb ɖo to Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 15Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Caleb's Inheritance and the Division of Canaan

  • The distribution of land west of the Jordan was led by the high priest Eleazar, Joshua, and tribal heads using lots for nine and a half tribes. The tribe of Levi received no territorial territory, receiving only cities with pasturelands, while Joseph's sons, Ephraim and Manasseh, formed two distinct tribal inheritances.Sources: the Bible text itself · Eleazar · Joseph (son of Jacob)
  • At eighty-five years of age, Caleb approached Joshua at the camp in Gilgal to request the fortified hill country of Hebron, recalling the promise Moses made forty-five years earlier at Kadesh-barnea. The city of Hebron was previously known as Kiriath-arba, named after Arba, the greatest man among the Anakim.Sources: the Bible text itself · Caleb · Hebron · Kadesh-barnea

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Canaan · 32.767, 35.333 · verses 1, 7, 9
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 3
  • Hebron · Today: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · verses 13, 14, 15

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.